1 Yakob ƒɔ mo yi dzi eye be kpɔ Esau gbɔnɔ ku ŋucu blanɛ̃ (ameka). Eɖo ɖeviawo ɖo Léa, Rachel gaku subɔla eveawo nu. 2 Eɖo subɔla evea wo ku wo viwo do ŋgɔ gbã, eye eve gɔa Léa ku yibe viwo emegbea Rachel ku Yosef. 3 Ye ŋutɔ zɔ̃ ŋkɔ nawo, eye be de ta gu zi adrɛ va se ɖe eyike be gogo fofoa Esau. 4 Esau ƒudu yi dogoe, kplasi kɔnɛ eye be gbigbɔ nu nɛ. Eye wo favi. 5 Esau kɔ mɔ yi dzi eye be kpɔ nyɔnua wo gaku ɖevia woa ye be biɔe be: meka woe nyi amema wo ? Yakob ɖo eŋti be: Evi yi ke woe Mawu na wo subɔla woe nyi eya wo. 6 Yibe subɔviawo va gbaku wa be viwo eye wo de ta gu nɛ. 7 Leya ku viawo cã va de ta egu nɛ emegbea Rachel ku via Yosef cã te va eye wode ta egu nɛ. 8 Esau biɔe se be: «Lãha ka woe nyi gbogbo si wo va kpem le mɔa dji ?» Yakob ɖo eŋti be: «ɖe mèbé má cɔe aƒa dzi na nye aƒetɔ». 9 Vɔa Esau ɖo eŋuti be: Nɔvinye, enu le asinye su gbɔ. Enu wa ne nɔ anyi nɔ̃. 10 Yakob ɖo eŋuti be: «Gbeɖe ! meɖe kuku, ne le dzi be nye dzi ne dze eme tututua xɔ nunana nyea ! Ɖoa ke me kpɔ wa ele nam abe Mawu me kpɔ ene eye le xɔm nyuiɖe eye le ve nunye. 11 Xɔ nye nunana, ɖoa Mawu yram eye ŋɖekpe me xiãm o, alea be ɖe kuku na Esau va se ɖe esime be xɔ nunana. 12 Esau gblɔ be: «Na miadze mɔ, manɔ ŋgɔ eye miakplɔ ɖonye». 13 Yakob ɖo eŋuti nɛ be: nye aƒetɔ woŋtɔ le nya be viviwo le miame eye elã vinɔ̃anɔ wo cã ne me ɖe bla be ma co azɔnia teɖe wodzia elã ha kpata la ku. 14 Nye aƒetɔ woya nɔ ŋgɔ nã yibe subɔla nyeya vidzeawo (viviwo). 15 Esau ɖo enuti be: Ekema ma gblé dzɔla nye wo ɖo gbowo, Yakob biɔe be nuka ŋuti ? Amenuveve kpo dim mele co nye aƒetɔ gbɔ. 16 le ŋkeke ma ke dzia Esau trɔ cɔ seya be mɔla. 17 Yakob co ɖota Sucɔto be dua me, ye be tu ahoe na yi ɖokui le afima eye be tu nɔpe na elã hawo cã numa ŋti wo ɖo nyikɔ na eduma be Sukɔto yema. 18 Le yibe trɔtrɔ gbɔ co Paddam Aram dua mea, eva ɖo Sichem le Kanaan nyigbã dzi dedie, eye be co kɔƒe le dua be ŋkɔ. 19 Eƒle anyigbã yike dzi be co coƒea ɖo le Hamor, yike co Sichem viwo si klosaloga kave takpo (alofa ɖeka). 20 Eye woɖi vosamlekpui ɖe afima, eye wòna ŋkɔe be El-Elohe-Israel.