1 Ɖina, vi nyɔnyu yike Leya dji na Yakob dro yi ɖe nyɔnuvi yike woe le éduame gbɔ. 2 Sichem fiɔ viHamor be vi kpɔe eye be le doavou nɛ, dɔ yi gbɔ, se dovloe. 3 Yibe dzi kuɖe Dina, Yakob vi nyɔnua ŋti, Elɔ̃ yibe nyã gbɔ eye be le ebleŋ ɖo eŋti. 4 Eye Sichem gblɔ na tɔtɔa Hamor be: co tugbedjè mã nam ne ba nyi srɔ nye. 5 Yakob se be wo do vlo evia Dina, voa ke ne evia nucuviawo yi alɛ kplɔgbe le agblémé ŋtia ezi ɖoɖoe va se ɖe gayime eviawo gbɔ. 6 Hamor, Sichem be tɔtɔ yi ɖe Yakob gbɔ va yi gblɔe nɛ. 7 Eye Yakob be vi nucuvia wo gbɔ co agblea me eye wo se enya, wo bidi ey wo do dziku ɖoa Sichem wɔ vlodonu ɖo Israel ŋti ke ne be dɔ̃ Yakob be vi nyɔnu vi gboa, enyi enu yike me ɖo la ke woè o. 8 Hamor gblɔ nawo be: evinge Sichem be dzi lé ɖo miá nyɔnua ŋuti ŋtɔ, me ɖe kuku, mi cɔe nem ne ma ɖe na vinge. 9 mi wɔ ɖeka kple mi, mia ɖena miã be viwo eye mia cã miã ɖena mia tɔwo. 10 Mi dzi le anyigbã la dzia, eye mia ca asi le mia dome eye miabɔ kesinɔ nuwo na mia ɖokui faa. 11 Sichem gblɔ na Dina be tɔtɔ gaku nɔvia wo be woa nyɔ dɔme na yi ko ekema ye cã ya wɔ nusianu yike woa biɔ co yi gbɔa. 12 Nyɔnutabianu ku srɔ̃denu yike hiã koa mi gblɔe nam, mele gbesɔsɔ anawo ne mie cɔ ɖetugbia nam maɖe ko. 13 Yakob vi ŋucuawo ɖo eŋu na Sichem ku tɔtɔa Hamor ayetɔe ɖoa woɖe gbɔ wo nɔvi Dina. 14 Wogblɔ nɛ be: «mi ma teŋu aɖe asi le mia nɔvi nyɔnu ŋuti ye woa ɖe bolobolo tɔ wo, ɖoa enyi ŋukpenanu ne mí. 15 Ne miélɔ̀ be yewoa wɔ abe miawo ene, eye ŋutsu sia ŋutsu le mia dome nacó aʋa la, eya ko mialɔ̃ ɖe nya sia dzi. 16 Miacɔ mia vi nyɔnuwo na mi miaɖe eye miawo cã miaɖe miatɔwo. Mianɔ miagbɔ eye míazu dukɔ ɖeka. 17 Voa ne mi me xɔ miabe nyã wo, eye mi me có aʋa woa, míaxɔ mía vinyɔnua le mia si adjo. 18 Nya la djɔdji na Hamor ku via Sichem. 19 Eye ɖekakpuia mehe nyaa kura wo ɖoa Yakob vinyɔnu la ƒe nu nyɔ eŋu ŋuti gawu la ɖokakpuia nyi ame yike tɔtɔa ku ƒometoawo buna wu le ƒomea me. 20 Hamor ku via Sichem va dua ƒe takpeƒe, eye be ƒonu na yibe dume tɔwo wogblɔ be: 21 Ameya woa ame fafa wonye. mina woanɔ mia dome, aco aƒe ɖe anyigba la dzi eye waca asi le edji faa. Mikpɔ anyigbã da. Elolo le go sia go me, asu ne mi gaku wa cã. Mina mia ɖe wo vinyɔnuwo eye miawo cã miacɔ miatɔwo ana wo woaɖe faa. 22 Voa hafi yewoalɔ̃ anɔ miagbɔ, eye miazu dukɔ ɖeka la, ele be mia dome ŋucu sia ŋucu naco aʋa abe yewo. 23 Menye ɖeko wabe lãhawo, nunɔamesiwo ku dɔwɔlawo kpata azu miatɔa ? Eya ŋutia mima mialɔ̃ ɖe woƒe nya la dzi ko ne wanɔ miagbɔ. 24 Ame siwo kata va takpeƒea la lɔ́ ɖe Hamor ku via Sichem be nyã la dzi eye duame ŋucuwo katã có aʋa. 25 Azɔa le ŋkeke etɔa gbea, ekene abia nɔ wo veŋ sesɛ ɖe eye wo ɖe ŋuɖi la, Yakob bevi eve, Simɔ̃ gaku Levi yiwo nyi nɔ̃ɖekavi ku Dina la wo cɔ wobe ewui eye wo geɖe eduame eye wo wu ŋucuwo kpata. 26 Wo wu Hamor ku via Sichem gbakple yi eye wo kplɔ Dina dro le Sichem be aƒea me. 27 Yakob bevi ŋucu mamlɛawo yi lɔ amekukua wo be kesinɔnua wo, eye woha dua le ekene wodo vlo wo nɔvi nyɔnu la ŋuti. 28 Wo kplɔ wabe alẽwo, nyiwo gaku tedziwo, eye wocɔ nusianu yi wokpɔ le dua me ku agblewo mea dzo. 29 Wo ha waƒe kesinɔnuwo kpata aboyo ɖeviwo ku nyɔnuwo, eye wocɔ nusianu yike wokpɔ le aƒeawo mea dzo. 30 tete Yakob gblɔ na Simeon ku Levi be: miedem dzɔgbevɔ̃e me. Fifia Kanaan tɔwo ku Perizitɔwo kpakple ame bubu yiwo kpata le anyigbã ya dzia wa le fuŋ mikpɔɖa mí mè sugbɔwo. Ne woƒoƒu co ɖe mia nu la woacrɔ̃ nye gbakple mì wo kpata. 31 Voa woɖo eŋuti be: «Eya kpɔ mɔ awɔ mia nɔvi nyɔnu abe gbolo enea ?»