Eta 31

1 Yacob se Laban be vi nucuviwo le gblɔ̃ be : Yacob xɔ mia tɔtɔ be nuwo kpata, eye mia tɔtɔ be nuawo ye be sɔ kpɔ xoti sia wo. 2 Yacob kpɔ cã be Laban me ga le enu wɔŋ ɖoɖa yi gbɔ abe sã ene o. 3 Azɔ̃a Aƒetɔa gblɔ̃ na Yacob be : trɔ yi tɔtɔ wo be du me le teƒe yike wo dzi wo lea eye ma no anyi kpliwo. 4 Yacob na wo yɔ Rahel ku Leya le agble me le yibe aleawo gbɔ. 5 Be gblɔ nawo be : me kpɔɛ le mia tɔtɔ be ŋkume be me ga le kplim abe cã ene o voa tɔtɔ nye be Mawua li kplim. 6 Miawo ŋtɔ mie nyaɛ be me subɔ mia tɔtɔ gaku nye ŋusɛ kpata. 7 Mia tɔ flum eye be ɖɔli nye fetua zigbɔ ziwo voa Mawu me ɖemɔ nɛ be wɔ vɔɛ ɖeke ɖom o. 8 Ne mia tɔ gblɔ be la ŋɔtaŋɔta la nyi nye fetu la alɛ ha kpata djina vi ŋɔtãŋɔta. Eye ne be gblɔ̃ be alɛ yike be agbazea efli la to yimea la nyi nye fetu la alɛ ha kpata dzina vi si wo fli tona woa be agbaze ŋuti. 9 Mawu hɔ mia tɔtɔ be aleha cɔ nam 10 Le gayi me ke alɛ ha gena ɖe fifiɔ̃ be gamea, me kɔ nye ŋkuwo yidzi eye me kpɔ le edrɔɛ me be alɛ su yi ne le alɛa wo liam la wonyi ŋɔtaŋɔta, efli to ku yibɔkuyi caka. 11 Eye Mawu dɔla gblɔnam le drɔɛa me be : Yacob! me ɖo enube nyee nyi esi!. 12 Egblɔ be : mi ʋu ŋku ne mia kpɔ : agbo cu yio ne le alɛawo liam la efli le wa be agbalɛ nu, ɖewo nyi ŋɔtaŋɔta eye bubuwo nyi yibɔ ku he le du ɖoa me kpɔ nu yike Laban le wɔwɔŋ kuɖowa. 13 Enye nyi bethel be Mawu afi yike le si ami na ekpea le, afi yike ne do ŋgbe nam lea. Fifia azɔ̃a co ye na dogo le du sia me eye na yi du yike me wo dziwo lea. 14 Rahel ku Leya ɖo eŋti gblɔ̃ be : ɖe ye mi kpɔ gome ɖe le mia tɔtɔ be aƒea mea ? 15 Me nyi ɖe be kpɔna mi abe amedjro wo ene o wa, ɖoa esa mi eye be ɖu mia be ga. 16 Kesinɔ nu yi wo Mawu xɔ le mia tɔtɔ sia trɔ zu mia ku mia be vi wo tɔ azɔ̃a wɔ nu yike Mawu gblɔ na wa 17 Jacob titre eye be na viawo ku srɔ̃awo lia ekposɔ dzi. 18 Ekplɔ yibe lãha ku yibe kesinɔ nu yike be kpɔ, elãha yike nyi yitɔ yi be kpɔ cɔ Padda-Aram ; eye be ɖota Isaac, tɔtɔa gbɔ, le canaan dua me. 19 Le gayime Laban kplɔ elãha yi egbe mea, Rahel cɔ tɔtɔ be therqaphim ; 20 eye Jacob ble Laban, yi co Arameen, eye me klaɛ kuɖo yibe dzodzoa ŋti o. 21 Esí ku nuyi ke ne nyi yitɔ wo kpata ; egtitre eye be co tɔ sisila eye be ɖota gallaad be to la gbɔ. 22 Le ŋkeke tɔ̃a gbea wo gblɔ na Laban be Jacob sĩ. 23 Eye be kplɔ nɔviawo eye wo dze eyomè eye be sɔ̃ ŋkeke adré eye be yi hé le Galaad be toa gbɔ. 24 Voa Mawu ɖe yiɖokui fiɔ Laban Aramtɔ le drɛ̃ me eye be gblɔ nɛ be ne kpɔ nyuɖe be me gba wɔ vɔɛ ɖeke kui o. 25 Laban yi he Jacob. Jacob ɖi agbadɔ le etoa dzi ; Laban cã ɖi yibe agbadɔa le Galad be toa dzi 26 Azɔa Laban gblɔ na Jacob be : nuka ye le wɔ ? nuka ŋti le bleŋ eye le kplɔ vinye nyonu viawo ku wui sigbe gamenɔtɔwo ene ? 27 Nuka ŋti le sĩ le wlawla me, le bleŋ, me na me nyã o ? ma ke do mɔ wo le dzidzɔe ku hadzidzi, hupopo ku kpɛ̃kuku wo me. 28 Me ɖe mɔ̃ be ma kplasi kɔ na tɔgbe yɔvi nye wo o ! nu manyãla be nu ye nyi ema le wɔ. 29 Me ɖo ŋusɛ be ma wɔ nubaɖa ku wo, voa tɔtɔ wo be Mawu gblɔ nam ecɔ vayi be nye me ga wɔe o. 30 Fifia, yi ne le dzodzom ɖota tɔtɔ wo ƒeme lá nuka ŋti le fi nye mawu wo ? 31 Jacob ɖoeŋti ne Laban be : me le vɔvɔŋ le susu me be ɖomahĩ la va hɔ viwo nyɔ̃nuviawo le asinye. 32 Voa wa trɔ̃ ameyi ke gbɔ la kpɔ wo mawu lá ! Le nɔniwo be ŋkumea, leŋku ɖe nu yi ne nyi tɔwa, ye na cɔe. Jacob me nya be Rahel cɔe o. 33 Laban geɖo Jacob be xɔme, eyi Leya be xɔme, eyi subɔvi eveawo cã be xɔme eye me kpɔ naɖeke o. Edro le Leya be xɔme eye be ɖo Rahel be xɔme. 34 Rahel fi mawuawo eye be cɔ wla le kposɔa dzi ye be nɔ anyi le edzi. Laban ɖica le xɔa kpata me voa me kpɔ ŋɖekpé o. 35 Egblɔ na tɔtɔa be : nye aƒetɔ me ga bidi o, ne yi me titre nɛ o, ɖoa ŋtia me ɖo asi anyi. Edzi ʋu gake me kpɔ mawuawo o 36 Jacob bidi eye be wɔ adzre ku Laban. Eyi edzi gblɔ né be : nuka ye nyi nye nuvɔ, nuka ye nyi nye vodada, ye le kplɔ do nye nenema tɔ̃gbe ? 37 Eyi ke ne kakã nye nuwo mea ɖe le kpɔ wo aƒeme nu ɖea ? Ɖe le amewo ku nɔvinyewo ŋkume be ne wa so kodzo ne mí ku vea. 38 Kpɔɖa eƒe wui kpata me wɔ le gbɔwo ; efu me gblé na egbɔ ɖekpe o, nye me ɖu wo alɛ ɖekpé le wo alɛha me o. 39 Ne lãlenu le alɛ ɖea me tuna fɛ̃ le eteƒe ; nusianu yi ne buna le ŋdɔ me alo le zã mea le biɔna yibe fɛ̃ co asinyé. 40 Ŋudɔ ɖunam le ŋkeke me, vivɔ wɔnam le zã me eye alɔ̃ sĩɖa le nye le nye ŋkuviwo dzi. 41 Eƒe wui soŋ me wɔ le wo aƒeme ; mé subɔ wo eƒe woene le wo tugbedzẽ eveawo ta eye eƒe amadé le wó lãha wo ta, eye le ɖɔli nye fétua ziwó soŋ. 42 Ne tɔtɔ nye be Mawu me li kplim o wa, Abraham be Mawu, yike Isaak vɔ̃na, wo la ke nyam asi gbalo. Mawu kpɔ nye fukpekpe gaku nye asinu dɔwɔwɔwo eye le ecɔ vayi la eɖo kodjo le nye gaku wo dome. 43 Laban ɖo eŋti na Jacob be : nyɔnuvi siawo nyi evinyewo , eye ɖevi siawo nyi vinyewo elãha sia wo nyi nye elãha eye nusianu yi kpom ne lea wo nyi tɔnye. Egbea nuka mawɔ ne vinye nyɔnuviawo alo wabe vi yike wó dzia wò ? 44 Va ne nye gakpliwo mia blanu, ne ba nyi aɖasé le nye ga kpliwo dome ! 45 Jacob cɔ ekpeaɖe eye be ɖi sigbe ŋku ɖodzinu. 46 Yakob gblɔ na yitɔwo be wafɔ kpe va eye wo cɔ kpéa likɔ̃ eye wo ɖunu le kpeawo dzi. 47 Laban yɔe beyegar-sahadutha eye Yakob yɔe be galed. 48 Laban gblɔ be : ékpé kakɛ sia na nyi aɖasefo le nye kuwo dome eya ŋti wo nɛ ŋkɔ be Galed. 49 Wó ga le eyɔŋ be Mitspa, ɖoa Laban gblɔ be : Yehowa ne kpɔ nye kuwo ta ne mie dzoyi azɔgé le mia nɔnɔe wo gbɔa. 50 Ne élé fufiɔ vinye nyɔnuviawoa, alo le ɖe nyɔnu bubu kpewa, me nyi agbetɔ voa Mawu ye nyi aɖasefo le mi kuwo dome. 51 Laban gblɔ na Yakob be : kpɔ ekpe kakɛ̃ yawo gaku ŋkuɖodzi kpe yi me ɖo le mi ku vea domea. 52 Ekpe siawo ku ŋkuɖodzi kpe sia woa nyi ɖasefo be nye mayi gbɔwo alo wo ma va gbɔnye le kpe sia godo awɔ nu baɖa ɖekpe o. 53 Abraham be Mawu ku Nakor tɔ, wa tɔtɔwo be Mawune nyi kodzo ɖola le mia dome. Yakob kã ataŋ to Mawu yike Yakob vɔna la dzi. 54 Yakob wɔ avɔsa le etoa tame ye be kpe nɔviawo be wa ɖunu, wo ɖunu eye wo nɔ étoa tame zã ma me nuke. 55 Laban fɔ̃ le ŋdi kãnyi me be ɖuɖɔ nu na viawo be yrawo. Emegbea etrɔ ɖota yibe aƒeme.