1 Iyata efɔbubu dekpeke melé ni amekewo le kristo Yesu me la o, amekewo mélé zɔ le ŋtila nu o, negbe le gbɔgbɔnu. 2 Dobe gbɔgbɔ, ke nyi agbe, ke le kristo Yesu me la ki ese la xɔm co nuvɔ kiki ku ki ésé la si. 3 Dobe enuke ese la mate ŋu wɛ o, ekeme wogbɔjɔ to ŋtila me la, Mawu wɔɛ, yi wodɔ yi ŋut via ɖoɖa le nuvɔ ŋtila ki sɔsɔ me, yi wobufɔ nuvɔ la le ŋtila me. 4 Beni woawu ésé ki jɔjɔenyi la nu le mi, amekewo mélé zɔ le ŋtila nu o, negbe le gbɔgbɔnu ko la me. 5 Amekewo na nyi le ŋtila nula, ŋutila ki nuwo ledi yi amekewo na nyi le gbɔgbɔ nula, gbɔgbɔ enwo wolédi. 6 Dobe ŋtilanudidi la nyi ku, yi gbɔgbɔnudidila inyi agbe kiki ŋutifafa; 7 Iyata eke ŋtilanudidi yi nyi aɖikaka ɖe Mawu ŋti, ɖobe mebubɔ iɖokui ɖe Mawu ki esé la ŋu o, yi me mete ŋui ca o, 8 Amekewo na nyi le ŋutila me la womete ŋu jé Mawu ŋu o. 9 Coyiji la miawo la milena nyi le ŋutila me o, ne gbe le gbɔgbɔ me, ni elé nenèla le, Mawu ki gbɔgbɔ na niɛ mia me la. Vɔa ni kristo ki gbɔgbɔ melé ameɖe me o la iya menyi itɔ o. 10 Ni kristo le mia mela, ekama ŋutila la ku le le nuvɔ ta, gakié gbɔgbɔ la nyui agbé lé jɔjɔnyinyi ŋuti. 11 Yi ni ameke fɔ Yesu ɖe citré co ame kuku dome la, ki gbɔgbɔ niɛ mia me la, ekema ameke fɔ Kristo ɖe citré co ame kukuwo dome la, gbɔ agbe miaki ŋutila, kewo le kuku la, ca le yiki gbɔgbɔ, ke niɛ mia la ŋuti. 12 Iyata nɔviwo, efenyilawo minyi ŋutila si minyi fe le, beni mianie agbe le ŋulia nu o; 13 ɖobe ni niniɛ agbe le ŋutila nu la, milé dina ku o; yi ni micɔ gbɔgbɔ wu ŋutila ki nuwɔwɔwo la miakpɔ agbe. 14 Dobe ame sugbɔ kplɔ Mawu ki gbɔgbɔ woawo yi nyi mawuviwo. 15 Dobe mixɔ kluvigbɔgbɔ, beni migbɔ vɔo; yi vinyinyigbɔgbɔ la boŋ mixɔ eke me mida afa le be: Aba fofo. 16 Gbɔgbɔ la ŋtɔ de dasifé kpé ɖe miaki gbɔgbɔ la ŋu be Mawuviwo yi. 17 Yi ni viwo yi minyi, ekema domenyilawo ca minyi: Mawu ki domenyilawo kiki kristo ki ehadomenyilawo, ni nelé sigbe be mikpé fu kiki, beni mia ki ŋuti nakɔ kiki. 18 Dobe mebu be, xeyiyi kala me fukpekpewo mejé ŋtikɔkɔe ke wole fia de ɖe axa ɖika le miaŋu la o. 19 Dobe enuwɔwɔla ke mɔkpɔkɔ vevere la le mawuviwo ki ɖeɖefia la lezɔ. 20 Dobe wobubɔ enuwɔwɔ la ɖe evibléblbé la me, menyi iya ŋutɔ ki lɔlɔnu o, le ameke bubɔɛ ɖe anyi la ŋu yina emɔkpɔkpɔ. 21 Iyata woaɖe nuwɔwɔ la ŋutɔ ca co evibléblé ki kluvinyenye la me yi ɖe mawuviwo ki ŋtikɔkɔe ki ablɔɖi la me. 22 Dobe minyɛ be, enuwɔwɔ blibo la kpata le gba, yi efa le ɖui vaseɖe fifi. 23 Gakié menyi iya ɖeɖe yi o, keŋkafe miawo ca mi amekewo xɔ gbɔgbɔ ki kɔŋgbenu la miawo ca milé gba le mia me yi le vinyinyi, ke nyi miki ŋutila ki ɖeɖe la sɔ. 24 Dobe woxɔ mi ɖe mɔkpɔŋu yi mɔkpɔkpɔ, ke le kpɔ nu kiki ŋu la, enukalanuta wogbɔle kpɔ mɔ nɛ maha? 25 Vɔa ni mile kpɔ mɔ ni enuke mile kpɔ kiki ŋku o la, milé zɔ ele jidodo me. 26 Yi nenekié gbɔgbɔla ca di gbɔjɔgbɔjɔ ji; ɖobe leke mia gbe ɖe yi woajé la, mimenyɛ o, gakié gbɔgbɔ la ŋtɔ cɔa mia ki nya ɖe akɔ. 27 Yi ameke jro jiwo me kpɔna, enya enuke nyi gbɔgbɔla kiki didi, ɖobe exɔ nya ɖe amekɔkɔewo nu, leke je Mawu ŋu. 28 Yi menya be, amekewo lɔ Mawu la, enuwo kpata ti yi xɔ nyui va nɔwo, amekewo woyɔ le tameɖoɖoɖi la nu. 29 Dobe amekewo wonya ɖe la, eɖowo ɖe ca beni woanyi via ke nɔnɔme tɔgbe, beni woanyi kɔŋgbevi le novi ɖewo dome. 30 Yi amekewo woɖo ɖe la woawo ca yi woyɔ; yi amekewo woyɔ la ca yi woco fia na; yi amekewo woco fia na la woawo ca yi ŋuti wokɔ. 31 Enukala ni zɔ le ekea ŋti be mia gblɔ? Ni mawu le mia ji la, amekala aci tré ɖe mia ŋutii? 32 Ameke mehe yi ŋu kivi ɖe megbea, yi wocɔe cona ɖe mia kpata miata boŋ; leke lawɔ, yi maco enuwo kpata ca kpe ɖe iŋu mi oa? 33 Amekala yi co Mawu ki ameciaciawo nu maha! Mawue yi nyi efiacola; 34 amekala yi abufɔ? Kristo yi nyi ameke ku, yi enuke gbɔ wu yi enyi: Ameke wofɔ ɖe citre ca, ameke le Mawu ki nuɖusi me, amke xɔ mi ɖe akɔ ca. 35 Amekala yi ama mi co kristo ki lɔlɔme maha efukpekpe loo alo xaxa alo ame yometiti alo edɔwu ame alo amamaniɛniɛ alo eŋɔjidodo alo yi maha? 36 Abe leke woŋlɔ ɖe nene be: ŋutiwo la wowɔ mi vuu le ŋkeke bliboa kpata me, abe leke wo yina ona yi wu nene 37 Gakié le enukewo kpata me miɖu ji glo le ameke lɔ mi la ŋu. 38 Dobe minya keŋ be, egbɔnyi eku o; egbonyi agbe o; egbɔnyi mawudɔlawo o, egbɔnyi jiɖulawo o, egbɔnyi ŋusewo o; 39 egbɔnyi enuke le fifi o, egbonyi enuke le dinava o; egbɔnyi kɔkɔfea, egbɔnyi goglofe o, alo enuwɔwɔ bubu ɖe o, mateŋu ama co Mawu ki lɔlɔ, ke le Kristo Yesu, mia Afetɔ me la gbɔ o.