1 Alo nɔviwo, ɖobe melé ponu ni amekewo nya se la, ɖe nunyɛ be, se la ɖu fia e ame ame ji le yiki agbeme blibo la kpata o maha? 2 Tete nyɔnu srɔtɔla, ŋkeke ke srɔa ŋeu la gbé, la esé blɛ ɖe yiŋu; ni srɔa ŋucua ku la, wotui co esé ke blɛ ɖe esrɔa ŋucua la me. 3 Vɔa gakeme srɔ ŋucu le agbé yi edo kiki ŋucu bu la ewɔ ahasi. Vɔa ni srɔa ŋucua ku la, evo co ese la me, yi ni ezi ame bu srɔ la, megbonyi ahasi tɔ o. 4 Nɔvinyewo, nene kié miawo ca miku ni se la lo kristi ki ŋutila me, beni miazi amebu kewo fɔ ɖe citré co ame kukuwo dome la tɔ, beni miacé ku ni Mawu. 5 Dobe ékkeme milé ŋutila me la, nuvɔwo ki nujojro woamenu, kewo jɔ co sea me la seŋu ŋutɔ le miaki ŋutiwome, beni miacé ku na ku. 6 Vɔa fifi la wotu mi co se la me ɖobe meku ni enuke le mi ɖe asi, beni miasubɔ le gbɔgbɔ ki yeyenyenye me, menye le agbalɛŋlɔjési ki hɔhɔyinyi me o. 7 Yi enukala yi mia gblɔ? ɖe ese la nyi enuvɔa? Gbeɖe! Gakié ŋmenya enuvɔ la o, negbe to esea me ko ɖobe ŋumenya ŋubiabia la ca o; ne menyi ese la me wogblɔ le o be: ŋgbɔbia ŋu o! 8 Yi eke enuvɔ la kpɔ mɔ to esdodo me la, efɔ ŋubiabiawo kpata ɖe ji nye; ɖobe ni ese mele o la enuvɔ ku. 9 Nye la menɛ agbe esemanɔsitɔe ca; yi eke ese dodo va la, enuvɔ la niɛ agbe, 10 ke enye la meku, yiwo kpɔe be ese ke wodo cona agbe la, iya kié zi ku num. 11 ɖobe eke nuvɔ la pɔ mɔ to esedodo me la, eblem yi woco iya kie yiwum. 12 Tete la ese la le kɔkɔe yi esedodo la le kɔkɔe, le jɔjɔe yi wonyo. 13 Vɔa enu nyui la zi ku num? Gbede! keŋkafé enuvɔ la boŋ yi, beni woajé pa abe enuvɔ nene, co nu nyui la wɔ ku num, beni nuvɔ la navɔdi ɖe iji ŋutɔ to ese dodo la me. 14 Dobe, ese la nyi gbɔgbɔmenu, yi enye la ŋtilame menyi, wocom ple ɖe nuvɔ ki ŋuseŋu. 15 Dobe enuke ke méle wɔ la nyemenyɛ o; ɖobe ŋumenya enuke melélɔ la, mele wɔ o, yi enuke mécai la iya kié melewɔ. 16 Vɔa enuke ke melɔna o lae mewɔna, ekema melɔa esea ji be, enyo. 17 Yita la menyi enyee le wɔ esea o, negbe enuvɔ ke le menye lae. 18 Dobe menyae be, le menye egɔmee inyi: le ŋfe eŋutila me la enu nyuia ɖekpekpe me le niɛ o; ɖobe enu nyui lɔlɔ la le sinye yi enu nyuiwɔwɔ la ŋumekpɔ wɔe za ɖe o. 19 Dobe menyi enu nyui; ke melɔna la yi mewɔna o, yi enuvɔe, ke ŋumelé lɔ o la, iya mewɔna boŋ. 20 Vɔa ni mewɔ enuke ŋumelɔna o la, ekema megbɔnyi enyee le wɔe o, negbe enuvɔ ke le menye boŋ. 21 Iyata mekpɔ ese be ekeme melɔ be mawɔ enu nyuila, enuvɔ la tré de eŋunye. 22 Dobe mekpɔ jijɔ la Mawu ki ese la ŋu le ememe la gɔme; 23 Yi mekpɔ ese bu, ke le wɔ ava kiki ese ke le ŋufe nyasa me la, le ŋutinuwo me, yi olem aboyo le nuvɔ ki ese, ke le ŋfe ŋtinuwo me la me. 24 O, ŋfe enublɛ nui tɔ! Amekala yi adem co kuŋtila ke me mah? 25 Meda akpe ni Mawu to Yesu kristo mia Afetɔ, la ji! Iyata nye ɖeka makie mecɔa nyasa subɔ Mawu ki ese la, ke mecɔ eŋutila la subɔ nuvɔ ki es la.