Eta 5

1 Eye me kpɔ ameyi ne nɔ anyi le fiɔ zikpia djia be nuɖusi lɔ mea, me kpɔ woma ɖe yi dji wo ŋlɔnu le egodo ku eme wo kpata eye wo cɔ nutrenu amadrẽ tre enu. 2 Me kpɔ dɔla sese ɖe yi le gbeƒã ɖeŋ sesiɖe le gblɔgblɔŋ bena :«ameka ye dje ateŋ aʋu woma ya eye agbã nutrenu ya wo ɖa?» 3 Ame ɖeke mele djiƒo o, ame ɖeke me le anyi gbã dji cã o eye le anyi gbã be gɔme ca ame ɖeke meli yi la teŋ aʋu alo axle woma ya o. 4 Me fa avi veveɖe ɖoa ame ɖeke me dje aʋu alo axle woma ya o. 5 Vɔa ame cicia wo dome to ɖeka gblɔneŋ bena :«ŋgba favi o, kpɔɖa, yuda djãta yi nye david be djidji me via ɖu dji, la teŋ aʋu woma eye agbã nutrenu amadreawo. 6 Le fiɔ zikpia, ku nugbagbe eneawo ku ame ciciawo domea, me kpɔ alẽvi ɖe nɔte, yi le sigbe nuyi wo wu ene, elãdjo amadre le tanɛ eye ŋku amadre yi wo nyi Mawu be gbɔgbɔ amadre yi wo wo dɔ ɖoɖa anyi gbã dji kpata le esi. 7 Ezɔ̃ yi ameyi ne nɔ anyi le fiɔ zikpia djia gbɔ eye ecɔ yibe ŋɖusi lɔ xɔ woma le esi. 8 Eyi alẽvia xɔ woma, nugbagbe ameneawo ku ame cici blave vɔ eneawo kpata djeklo le ŋkɔ nɛ. Kasãku ku sika gbã le wo dome amesiame sime yi me lifi yi ne nyi xɔsetɔwo be gbedodoɖa le agbãwo me 9 Wo le ha yeyeɖe djiŋ bena:«le dje bena na xɔ woma ya eye ne gbã nutrenua, ɖoa ewo ye wowu eye le cɔ ʋuwò ƒle amewó na Mawu. Ame ya wo co kɔta vovo wo me wo dona egbe vovowo wo co dukɔ vovowo me ku amegbetɔ ƒomea kpata me. 10 Le wɔwo wo zu fiɔɖuƒe eye wo zu vɔsatɔwo le dɔwɔ ne mía be Mawua, eye woa ɖufiɔ le anyigbãdji.» 11 Eyima gba kpɔa, me se dɔla gbogboɖewo be gbe le ɖiɖiŋ ƒoxla fiɔ zikpia ku nugbagbe eneawo gaku ame cici blave vɔ eneawo wo be xlexle me la nɔ abe akpe akpe wo. 12 Wo le wlui dɔŋ le gblɔgblɔŋ bena :«edje ne alẽvi yi wowua bena ne xɔ ŋsẽ, kesinɔnu, nunya, ŋtete, bubu, ŋti kokɔe ku kafu kafu.» 13 Me se nu wɔwɔ yiwo kpata le djiƒo, anyigbã dji, anyigbã gɔme ku aƒume wo kpata wo le gblɔgblɔŋ bena : «kafu kafu, bubu, ŋti kɔkɔɛ ku acɛ kpakpa yi nyi ameyi le fiɔ zikpea dji kualẽvia tɔ yi mavɔ mavɔ me. 14 Nugbagbe eneawo gblɔ bena :«amen !» Eye ame cici blave vɔ ene wo djeklo subɔɛ.