Eta 4

1 Le nu yawo megbedomea, me kɔ mo yidji me kpɔ ʋɔtruɖe le ʋuʋu le djiƒo. Eye egbe gbãtɔ yi me sea le ɖiɖiŋ sigbe ekpe ene, ƒonuƒo gblɔ neŋ bena :«lia djia na va ne ma ɖe nuyi wo ne gbɔnɔ djɔdjɔ gbea afiɔ.» 2 Ziɖeka, gbɔgbɔ̃a leŋ, eye me kpɔ fiɔ zikpi ɖe le djiƒo yi dji ameɖe nɔ̃ anyi le. 3 Ameyi ne nɔ̃ anyi le fiɔ zikpia djia be nɔnɔme le djo daŋ sigbe yaspa alo sardis be kpe xɔasi ɖe ene. Anyiʋɔ̃ yi le sigbe emerald kpe enea ƒoxlã fiɔ zikpia. 4 Fiɔ zikpi blave vɔ ene buwo cã ƒoxlã fiɔ zikpi ma, eye ame ciciblave vɔ ene yiwo be ta sika fiɔ kuku lea nɔ anyi le fiɔ zikpi blave vɔ enea wo dji. 5 Dji kedjo, dji ɖegbe ku aʋa wlui wo le ɖiɖiŋ co fiɔ zikpea me. Kakati amãdre yi wo ne nyi Mawu be gbɔgbɔ amãdrea woa wo le bibiŋ le fiɔ zikpia ŋkɔ. 6 Ŋɖe yi le sigbe aƒu yike wocɔ aƒuƒui kɔkɔe ɖe wɔ enea le fiɔ zikpia ŋkɔ. Eme kɔ lalãlãlã. Nu gbagbe amene ɖewo le teƒe yi le fiɔ zikpia ku nuyi wo ne ƒoxlẽa dome. 7 Nu gbagbe gbã tɔa le sigbe djãta ene, eve gɔ̃a le sigbe enyi ene, etɔ̃ gɔ̃a, ame be mɔ le esi eye enelia le sigbe ehɔ̃ yi le djodjoŋ ene. 8 Nu gbagbe enea wo dome tɔ ɖesiaɖe to awuda amade yi wo ŋti ŋku le co dji kaka va ɖo gɔme. Le ezã ku ŋkekea, wo nɔna gblɔgblɔŋ bena : kɔkoe, kɔkoe, kɔkoe ye nyi mia ƒetɔ Mawu ameyi nɔ anyi co gbeɖegbe, gbali fifia, gbale anyi nɔgbe ɖaa. Wo me djidjɔna nyama gbɔgblɔ gbeɖe gbeɖe o. 9 Gasiagame yi nugbagbe ene yia wo le bubu, kafukafu ku akpe dada cɔŋ ne ameyi ne nɔ anyi le fiɔ zikpia djia, ameyi le agbe co mavɔ yi mavɔ, 10 Ame cici blave vɔ enea wo djena klo le ameyi le fiɔ zikpia djia be ŋkume. Wo djena klo subɔna ameyi le agbe co mavɔ yi mavɔ mea ye wo ɖena wobe fiɔ kukuwo dana ɖa fiɔ zikpia ŋkɔ gblɔna bena : 11 Le dje mía ƒetɔ ku mía be Mawu bena na xɔ ŋti kɔkɔe, bubu ku ŋsẽ. Ɖoa woe wɔ nuwo kpata, woŋtɔ lɔlɔ̃ wo nu ye le wɔwo kpata le.