Ta 1

1 Nehemia be gbe, hacalia be ví le Kisleu be dinua me le eƒe amewui gɔa dji le eyime me nɔ̃ Suse fia dua me. 2 Hanani, nɔviawo dometɔ ɖeka ku ntua dewo gbɔ co Yuɖa, me wɔ nyã biɔ se nawo se co axoasila yike wo lea gaku Yerusalem ŋti. 3 Wo ɖo eŋti be: ameyi ke woe si axoa wo lé fia dua me le nukpɛ̃ ku wlododa gãɖe me, Yerusalem be glia wo mù eye edjo fiɔ̃ agboa wo. 4 Eyi ke me se enyã mã wóa, me nɔ̃ anyi, me favi eye me nɔ̃ blanu me ŋkeke gbogboɖe, me ci nudɔ̃ me do gbeɖa le djiƒo Mawu be ŋkume. 5 Eye me gblɔ be: o Yehowa, djiƒo be Mawu, Mawu gã ke ɖo vɔvɔ̃, wo yike lea nublabla me ɖe asi eye le vena ame yi woe lɔ̃nã wo nyã gbɔ eye wo wɔnã ɖe wo se dedea djia. 6 Etó wó nã nɔ̃ kekeɖi, eye wó ŋku wó nã nɔ̃ ʋúʋú ɖi eye nã se gbedoɖa yike wo subɔla le dodoŋ nã wo subɔla Israel viwo, le woa be nuvɔ̃wo me ʋuŋ miabe nuvɔ wo le ŋtiwó ɖo nye ku tɔtɔ nye be aƒe me tɔwo mi wɔ nuvɔ̃. 7 Mi dje agɔ eye mi me wɔ ɖo wó ɖoɖo ku se dede yi wo le do to Mose, wo subɔla djia wo. 8 Ɖo ŋku enya yi le gblɔ na Mose wo subɔla be ne gblɔa: Ne mi wɔ nuvɔeã, ma ka mi xlɛ̃ le dukɔ wo dome. 9 Vɔa ne mí trɔ ɖo ŋti nye eye ne mi wɔ ɖo nye eseawo dji eye mi cɔwo do dɔwɔna mea fifia, ne mi siɛ̃ yi ɖe anyigbã be nuwuwu cã, ma ƒoƒu mi le gema eye ma kplɔ mi gbɔ va teƒe yike me ciã be ŋkɔ nye ne ɖu fia le. 10 Wó nyi wò subɔla ku wó dukɔ yi le ƒle ku wo ŋsɛ̃ gã ku wo así sɛ̃sɛ̃. 11 Apetɔ wó etówo ne nɔ̃ kekeɖi na wo subɔvi wo yi ne le didiŋ avɔ̃ na wo ŋkɔ, egbea nã djiɖudu wo subɔvia eye nã ne bakpɔ amenuveve le ŋcu mã be ŋkume. Efiɔ be aha kutɔ kpo me nyi.