1 Le Nisan be djinua djia, le fiɔ Artaxexès be eƒe blavea mea, yi wain a le yibe ŋkɔdjea, me co wain eye me cɔɛ wɔ ŋnana ne fiɔa. Nue me dje nuzizitɔ gbeɖe le no ne ɖekea tɔ̃ŋgbe kpɔ o. 2 Fiɔa gblɔ̃ neŋ be: Nukaŋti emowo ve kpɔkpɔ ɖekea? Me dɔ le leo woa; djime nya veviɖe kpo ba trŋ nyi vɔvɔ̃ gãŋɖe lem, 3 Yime ɖoŋci ne fiɔ be: Fiɔ nenɔ agbe ɖaa ɖeke wɔ mo ma ve kpɔkpɔ nem o, yi dju yi me tɔtɔnyewó be yɔdowó lea gbã ye edjo fiɔ̃ yibe agboawó? 4 Eye fiɔ gblɔ̃ nem be: Nuka biɔŋ lele? me do gbeɖa ne djiƒowó be Mawu, 5 yi me ɖoŋcine fiɔa be: Ne fiɔa kpɔɛ be enyo, eye ne subɔviwɔa dje enua, doŋ ɖoɖa Yuda, tɔtɔnye wó be yɔdowó be djime, be ne matɔyi cui. 6 Fiɔ, yi gbɔ fiɔ srɔ̃a nɔ̃nyi nɔa gblɔ̃ nem azɔ̃ be: Eyiyi neni wɔ gbe mɔzɔ̃zɔ̃a le, eye gakame le dja traa gbɔ? Edjɔ dji ne fiɔa be ba ɖosiŋ ma yi, eye me ɖo game ne. 7 Yi me gblɔ̃ ne fiɔa be: ne fiɔa kpɔ be enyoa, wó ne ŋlɔ̃ woma nem ne tɔa gódó be djukplɔtɔwo alebe woaɖasiŋ mayi ye mado Yuda be djua me. 8 Eye woma ɖeka ne Asaph (Azaf), efiɔa be avecú dji kpɔtɔa alebe ba naŋ aci yiwo cɔgbe mele acu xɔ sesĩ be agboawó gogo aƒea, edjua be gliwó, gaku afe yi me nɔgbe nyeŋtɔ manɔa. Efiɔ cɔ woma (agbalɛ) mawo neŋ, ɖoa Mawu nye be asi nyui le djinye. 9 Meyi tɔa godo be djukplɔtɔwó gbɔ, eye me cɔ efiɔa be womawó ne wó, ame yi na be ahua ŋɔnɔtɔwó gaku sɔkutɔwó kplɔŋɖó. 10 Sanbalat, Horonit tɔa, ku tobija amonit be dɔcɔvi, yi wó nya, me do djidjɔ newo be núcú ɖe va be yadji nyui ne Izraɛliviwó. 11 Meva ɖo Yeruzalɛm, eye mewɔ ŋkeke tɔ̃ le fima. 12 Yime gbea, me fɔ̃ zãdome gaku ameɖewó, yi nye me gblɔ̃ nuyi Mawu nye cɔ ɖo djidjine nem be mawɔ ne Yeruzalɛm a ne wɔ́dometɔ ɖekpe o. Elã bu ɖekpe me le gbɔnye ne me nyĩ nyeŋtɔ tedji nyea kpoe o. 13 Me dro zãzã to balime be agoanũ eye me cɔmɔa dogo vɔ̃driba be djɔcoƒra, ɖota kɔkɔli be agboanũ, le Yeruzalɛm be gbli gbagbãwó kpɔ̃ŋ, le susu wɔŋ yibe agbo yiwó edjo fĩɔawo ŋti. 14 Me to djɔcofe be agboa ku efiɔa be tã gbɔ, eye teṣe ɖekpe meli afiyi lã yi gɔ̃me nema la teŋ to o. 15 Me tó zãme to tɔ sasra dji, me gale ŋku leŋ le eglia ŋti, ye me to balime be agbonũ trɔ gbɔ, eye me wɔ nana trɔ gbɔ. 16 Edju be ŋku nɔtɔwó me nya fi yi me yi, ku nu yi wɔŋ me le o vaseɖe gamamea, nye me gblɔ̃ nya ɖekpe ne Yuɖatɔwó, alo avɔsatɔwó, alo ame gãwó, alo djume ŋkɔnɔtɔwó o, nye me gblɔ̃ ame yiwó kpɔna nyawó alo gbɔa dometɔ ɖekpe o. 17 Eye me gblɔ̃ newó be: Mi kpɔ djɔgbevɔ̃ be nɔnɔme me yi mí lea! Yeruzalɛm be glia, eye mí ma gba anɔ. 18 Me gblɔ̃ aleke Mawu nye basinyui nɔ djinye vayia newó, ku nyayiwó efiɔa biɔ ma. Wó gblɔ̃ be: mí có, eye mí cui! ye wó doŋũse wóɖokuiwó le aɖaŋ ɖeɖe ya me. 19 Sanbalat, Horonit tɔa, Tobija, amonite be dɔcɔvia, ku Gueshɛm, Arabe tɔa, yi wó na wó nya, wó le miakɔŋ eye wó le vlodoŋ mí wó gblɔ̃ be: Nuka wɔ̃ŋ mi le le fiama? Citre ciŋ mi le le fiɔa ŋtia? 20 Eye me wɔ ɖoŋci ya newó: Djifowo be Mawu la na mí djidjedje. Mí, yibe dɔcɔviwó woa, mí le tecigbe ye mia cui; vɔ miɔwó ya, mi me ɖo gomekpɔkpɔ, alo djena, alo ŋkuɖodjinu ɖekpe le Izraɛl o.