1 Le nuyiawo megbea wo gblɔ ne yosef be: kpɔ ɖa tɔtɔwó le dɔ lém Ekplɔ yibe vi ŋucu eveawo Efrayim ku Manase ɖe asi. 2 Wogblɔ ne yakob be: kpɔ ɖa viwó yosef yé va gbɔwo Israel do ŋusẽ eɖokoe eye wòfɔ nɔ anyi le . 3 Yakob gblɔ ne yosef be: Mawu ŋusẽkpatɔa ɖe eɖokpoe fiɔŋ le lus le kanaan-nyigba dji eye eyram. 4 Egblɔ neŋ be: Mana ladji, eye wó djidjimeviwo lasu gbɔ ɖe dji mana lazu dukɔha, eye macɔ anyigba yia ana djidjime viwów be wó́anye wo tɔ tegbee. 5 Fifia viwóŋucu eveawo, Efrayim ku Manase, yiwo wodji nɔ le Egipte cafe( hafi) meva gbɔwò le Egipte nazu vinyewo sigbe Ruben ku simeon ene. 6 Vɔ vi yiwo lèdji le wo yomea woanyi tɔwó ́ eye woyɔ wobe ŋkɔwo le wo nɔviwo be domenyinyi ŋu. 7 Eyi metrɔ co poddan gbɔna va kanaan. Raxel ku le gbɔnye le mɔ dji eyi me gogo Efrat, eye meɖü le gema le Efrat yi ne nyi Betlexem mɔ to. 8 Eyi Israel kpɔ yosef be viwoa ebiɔ be: Amekawoe nyi eyiawo? 9 Yosef ɖo ŋu ne tɔtɔa be: woawoe nyi vi yiwo Mawu nam le giya! Eye Egblɔ be : Meɖe kuku kplɔ wo va gbɔ nyee ne mayra wo. 10 Irael ci eye yibe ŋkuwo dji cɔ ale be megbate ŋu le nu kpɔŋ o Eye eyi Yosef kplɔ wo gogoea, ekpla asi kɔ ne wo ɖuɖɔ nu ne wo. 11 Israel gblɔ ne Yosef be: nye me bui be magbakpɔ wó ŋku me o ke azɔ Mawu na mekpɔ viwówo ŋutɔ ɔ cã. 12 Yosef ɖe wo ɖa le yibe ata dji. eye edje klo de ta gu. 13 Yosef lé yibe vi eveawo ɖe asi: Efrayim le drissi be wòatrɔ le Israel be miɔ me eye Mana se le miɔ be wòatrɔ le Israel be ɖusi me, eye ekplɔ wo gogo eɖokoe. 14 Israel da yibe nudresi le Efrayim be ta dji ameyi nyi ɖevia café eye eda yibe miɔ lɔ le Manase be ta dji. susu ɖe ŋtié wɔ̀wɔe ɖo ɖoa mana se ye nyi vi cicia. 15 Eyra Yosef gblɔ be: Mawu yi be ŋku me tɔtɔnyewo Abraham ku Isak zɔ le, Mawu yi kplɔŋ le agbe me ŋkekewo kpata me va ɖo egbea. 16 Mawuatɔ la yi ɖeŋ co gbegble kpata mea, layra ɖɖevi yiawo! woayɔ ŋkɔ nye ku tɔtɔnye Abraham ku Isak be ŋkɔ le wo ŋu, woadji ɖe dji eye woasu gbɔ le anyi gba dji. 17 Eyi Yosef kpɔ be yi tɔtɔ da yibe nuɖusi le Efrayim be ta djia, medjɔ dji nɛ o. Elé tɔtɔa be asi yeaɖée ɖa le Efrayim be ta ta dji acɔ da le Manase be ta dji. 18 Eye Yosef gblɔ ne tɔtɔa be: Tɔtɔnye, menyi lekea ye o, ɖoa ameyia ye nyi ŋkɔgbetɔa cɔ wò nuɖusi da le yi be ta dji! 19 Vɔa tɔtɔa gbe eye egblɔ be: Menyae, vinye menyae! ye cã lava nyi dukɔ eye yi cã lava ci. vɔa eyome tɔa lava ci wui eye yibe djidjimeviwo woanyi dukɔ gã. 20 Eyra wo gbemagbe gblɔ be: ŋkɔwoé Israel viwo acɔ ayra amewo agblɔ be: Mawu neɖ nɔ sigbe Efrayim ku Manase ene! Eye Ecɔ Efrayim ɖo ta ne Manase. 21 Israel gblɔ ne Yosef be: kpɔ ɖa mele kuku gbe kaba vɔa Mawu lanɔ anyi ku mi eye ela kplɔ mi ayi mia tɔ gbuiwo be anyigba dji. 22 Mecɔ anyigba ɖɖe yi mexɔ da ne wó eyi lacɔ awu nɔviwó wo.