Ta 47

1 Yosef va yi gblɔ ne Farao be: tɔtɔnye ku nɔvinyewo co Kanaan nyigba dji va ku wobe alẽwo, nyiwo kaku nusianu yi le wosia, eye wole Gosen nyigba dji. 2 Eye ekplɔ nɔvia atɔ̃ ɖasi eye wòcɔwo fiɔ Farao. 3 Farao biɔ nɔviawo be: Dɔ ka wɔlawo minyi ? woɖo ŋu ne Farao be: lã nyilawo wò subɔviwo nyi sigbe mía tɔgbuiwo ke ene. 4 Wogba gblɔ ne Farao be: Amedjrowo mínyi va giyia nɔgbe, ɖoa gbe megbale ne wò subɔviwo be lãwo o. Dɔwuame le ŋuseŋ ŋutɔ le Kanaan nyigba dji. Eya ŋuti míɖe kuku, ɖe mɔ ne wò subɔviwo dji. 5 Farao gblɔ ne Yosef be: Tɔtɔwò ku nɔviwòwo vo gbɔwò. 6 Egipte nyigba ye ma, na be tɔtɔwò ku nɔviwòwo woanaɔ teƒe nyuitɔ. Wo ne nɔ Gosen nyigba dji. Eye ne lèkpɔ be ame zãzɛ wo le wo domea, ekema cɔ lãha nye wo de asi newo. 7 Yosef kplɔ tɔtɔa Yacob va fiɔ Farao eye Yakob yra Farao. 8 Farao biɔ Yakob be: Ƒe nenie lèxɔ ? 9 Yakob ɖo nu ne Farao be: ƒe yiwo kpata mecɔ zɔ mɔea wonyi ƒe alɔfa ɖeka ku blaetɔ̃. Nye agbenɔƒewo mesu gbɔ o eye mekpɔ hiã geɖe le wo me eye mede t‌ɔgbui nyewo be ƒe yìwo wocɔ zɔ mɔea nu o. 10 Yakob gbayra Farao, eye wòdjo le Farao gbɔ. 11 Yosef fiɔ nɔƒe tɔtɔa ku nɔvia wo, eye wòna anyigba wo le Egipte le Ramses, teƒe yi anyigba nyuitɔ le sigbe aleyi Farao ɖe se nɛ ene. 12 Yosef cɔ nuɖuɖu na tɔtɔa ku nɔviawo ku tɔtɔa be ƒometɔwo kpata, amesiame ku yibe viwo. 13 Nuɖuɖu ɖekpe megbale anyigba diboa dji o, ɖoa dɔa sẽ ŋu ŋutɔ, eye dɔwuame na Egipte ku Kanaan nyigba dji ƒu. 14 Yosef ƒote ga yiwo Egiptetɔwo ku Kanaantɔwo cɔ ƒle bli le esia nu ƒu eye wòcɔ ga yi Farao be aƒeme. 15 Eyi ga megbale Egipte ku Kanaan nyigba dji oa, Egiptetɔwo kpata va Yosef gbɔ, eye wo gblɔ be: na nuɖuɖu mi, nukaŋuti míaku le gbɔwò ? Ɖoa ga vɔ ! 16 Yosef ɖo ŋu be: ne ga vɔ le mia sia, ekema mikplɔ miabe lãhawo va eye mana nuɖuɖu mi le wo teƒe ! 17 Wokplɔ wobe lãhawo va na Yosef, eye Yosef na bli wo le wobe sɔwo, alẽhawo ku nyihawo ku tedjiwo teƒe, eye ecɔ bli kpɔ wodji le ƒe ma le wobe lãhawo teƒe. 18 Ƒe ma va yi, le ƒe bu mea wogbava egbɔ, eye wogblɔ nɛ be: Aƒetɔ mimate ŋu aƴla nyaa ɖekpe ɖo wò o. Mía be ga vɔ, eye míabe lãhawo ge le míabe aƒetɔ si me, nuɖekpe megbale mía cɔ na míabe aƒetɔ o, negbe mía ŋutɔwo ku míabe agble nyigbawo kpoe kpɔtɔ. 19 Nukaŋuti míaku le ŋkuwò me mía ku miabe anyigbawo ? Cɔ bli ƒle mía ku miabe agblenyigbawo be mía ŋutɔ wo ku míabe agblenyigbawo nenyi Farao tɔ ! Na bli mí be míaci agbe enye míma ku o ne míaci agblenyigbawo negba zu djogbe o. 20 Yosef ƒle Egiptetɔwo be agblewo kpata ne Farao. Eye Egiptetɔwo dome amesiame cɔ yibe agblenyigba sa, ɖoa dɔwuamea sẽ nu nutɔ. Nenema yé anyigba kpata zu Farao tɔ. 21 Eye yibe dukɔa kpata awɔbamewo co Egipte be go ɖeka me yi go bu me. 22 Ke meƒle nunɔlawo be agblenyigbawo o, ɖoa nunɔlawo kpɔna wobe gome yi woxɔna co Farao gbɔa, eyaŋuti womesa wobe anyigbawo o. 23 Yosef gblɔ ne dukɔa be: kpɔ ɖa egbea meƒle mia ku miabe anyigbawo ne Farao. Mixɔ nuku ne miaƒã le miabe agblewo me. 24 Eye ne nuŋƴi ɖoa, ekema micɔ agblemenuawo be atɔ̃liawo ɖeka ne Farao. Ke atɔ̃liawo ene nenyi mia ŋutɔwo mia tɔ be miacɔ ɖe aƒã le agbleawo me, eye ɖe nenyi nuɖuɖu ne mia ŋutɔwo miabe ƒometɔwo ku miabe viwo. 25 Wogblɔ be: wòe xɔ mi ɖe agbe ! Aƒetɔ, ɖe lave mia nua ekema núanyi Farao be awɔba mewo faa. 26 Eye Yosef cɔe wɔ see ne Egiptetɔwo vasede egbegbe be woacɔ wobe agblemenuwo be atɔ̃liawo ɖeka ana Farao, ke nunɔlawo be anyigbawo koe menyi Faroatɔ o. 27 Israel nɔ Egipte le Gosen nyigba dji, woci edji eye wodji viwo gbadji le edji ŋutɔ. 28 Yakob nɔ Egipte nyigba dji ƒe wuiadre eye Yakob be agbeme ŋkekewo nyi ƒe alɔfa ɖeka ku blane vɔ adre. 29 Eyi Israel kpɔ be yebe kuƴi le ɖoɖoŋ ma ena woyɔ via Yosef va eye wògblɔ nɛ be: ne mele vevie ne wòa ekema, cɔ wò asi ɖo nye ali me eye nave nunye, àto nyateƒe nem be màɖim le Egipte o. 30 Ke boŋ laɖim le tɔgbuinyewo gbɔ eye lacɔm aco Egipte avaɖim le wobe yɔdo me Yosef ɖo ŋu be: mawɔe sigbe aleyi lèdji ene. 31 Eye Yakob gblɔ be: ka atam ! Eye wòka atam nɛ. Eye Yakob dje ŋe le yibe abatia dji.