1 Yita yi ele ni mi be miabé etá ɖe enukewo mise, la ŋuti sugbɔwu, be mi megbɔ to yi ŋuti yi o. 2 Ɖo be ne enya ke wogbɔɖe lo Mawudɔlawo ji la. Le ɖe sésiéré yi agɔjéjé alo etó sesewo kpata kpɔ wo ki etóhéhé, ke je la 3 Mieyidjo yi, mia le si, ne mi le ebe ni xɔxɔ gaa ke o? Eke ki ŋuti nya yi Aƒetɔ la gblɔ kélékelé, yi amekewo se la kaɖe yi ji ni mi. 4 Yi Mawu ŋtɔ ca cɔ jesiwo, nukunuwo kiki eŋusenu ebubu pomevi sugbɔ kiki gbɔgbɔ kɔkɔe ki enunana, ke le yiŋtɔ me, di dase cɔ kpoɖe wo ŋuti 5 Ɖobe Mawu me cɔ ehihié ke gbana, ke ŋu mi le ponu le la ki eŋuse ni Mawudɔlawo o. 6 Ɖo be ameɖe di dase le afiɖe be: 'miena yi nyi amegbetɔ be eɖoŋku yi ji? Kiki amegbetɔvi, be ele ŋku ɖe yi ŋu o? 7 Ebubɔɛ ɖe enyi viɖe wu Mawudɔlawo; eŋutikɔkɔe, kiki bubu yi ecɔ do nɛ. Ecɔ enuwo kpata ɖe yi ki afɔgɔme 8 Ɖo be le enuwo kpata cɔcɔ ɖe yi ki afɔgɔme me la naŋɖe mesusɔ ke wome cɔ ɖe yi gɔme o. Gakie fifi la; mi me kpɔ zaɖébe wo cɔ enuwo kpata ɖe yi gɔme o. 9 Gakié mi kpɔ Yesu mieke wobulɔ ɖe anyi egapopo viɖe wu Mawudɔlawo la be, le yi ki efukpekpe kiki eku ta la, wocɔ eŋutikɔkɔe kiki bubu do nɛ. Yi ta to Mawu ki amenuveve me la eɖɔ eku kpɔ ɖe amesiame nu. 10 Ɖo be ejé Mawu ŋu, ameke ta enuwo kpata le, amekeme enuwo kpata to va, ameke kplɔ evi sugbɔwo yi ɖe eŋutikɔkɔe me la, eje be woawɔ wo ki efia blibo to efukpekpewo me. 11 Ɖo be ameke kɔ amewo ŋuti kiki amekewo ŋuti wo kɔ la jɔ coŋ ame ɖika me. Yi ta yi me wɔ ŋukpié nɛ be na yɔ wo be nɔviwo o. 12 Yi egblɔ be:"macɔ efé enyikɔ ɖe egbefa le nɔvinyewo dome, majiha cɔ kafu wo le ehawo me". 13 Yi egbɔgbɔbe, macɔ ŋfé emɔkpɔkpɔwo ɖe yi ji. Yi egbɔgbɔ be, kpɔ mia kiki evi kewo Mawu cɔ nuŋ la yinyi eke. 14 Le eke eviwo be kpɔ ehu kiki eŋutila ki ecrɔ la nene kié yi Yesu ca le kpɔ eketɔawo ki ecrɔ. Be na to eku me, yi na ɖu ameke si eku ki eŋuse le la ji; yi nyi abosam. 15 Yi woɖe amekewo kpata le ekluvi nyinyi me, to vɔvɔ ni eku le wo ki agbe ŋkekewo kpata me; 16 Ɖobe menyi Mawudɔlawo yi eva naxɔ na o. Vɔla Abraham ki epome yi eva maxɔ na. 17 Yi ta, Yi ele nɛ be naɖi nɔviawo le enuwo kpata me, be na trɔ zi enunɔlaga, aŋblɛ kpɔtɔ kiki enutefewɔtɔ be Mawu ki edɔwo me, be nalé avu le edukɔwo ki enuvowo ta. 18 Ɖo be eke Yesu kpefu yi wotoe kpɔ ta la, ateŋ xɔ ni ame kewo wole te kpɔ