1 Fifi la, nɔʋiwo, mile do eŋuse mi, yi mile kafu mi le Afetɔ Yesu me. Sigbe leke misrɔ coŋ mia gbɔ, le nɔnɔme keme mia zɔ le yi mia je Mawu ŋu; Yi nene yi mile zɔvca, mi gbɔ wɔɛ wu. 2 ɖo be mi nya enu kewo mi fia mi to mia ki Afetɔ Yesu jǐ. 3 ɖɔ be eke yi nyi Mawu ki lɔlɔ nu: mia ki kɔkɔ nyinyi, be mia ɖe mia ɖokoewo coŋ ahasiwɔwɔ gbɔ, 4 Mia dometɔ eɖekpekpe nalébé ni yiki eŋutila le kɔkɔ enyinyi kiki bubu me. 5 Migbɔ je enu jojro ke la ɖefu ni mi sigbe leke etrɔsubɔla kewo me nya Mawu o la le wɔ nene. 6 Yi ameɖe kpekpe ŋgbɔ ba nɔʋia alo na wɔɛ ʋɔɛ le enyaɖe me o. ɖo be Afetɔ yi nyi ehlɔbiala, le enuwo kpata me si leke mi gblɔ ni mi eɖeca, yi mi di ɖasifé ni mi. 7 ɖo be Mawu me yɔ ʋa makɔmakɔ nyinyi gbɔo, ʋɔ la kɔkɔ nyenye gbɔ yi. 8 Yi ta yi ameke gbe yi ki ɖoɖowo la menyi amewo yi agbe o, ʋɔa Mawu, ke cɔ yiki gbɔgbɔ kɔkoe ni mi. 9 Kuɖe nɔʋi lɔlɔ ta la, mi me hiŋ be ameɖe naŋlɔ enucoŋ yi ŋu ni mi o, ɖo be Mawu ŋtɔ fia mi, be mia lɔ mia nɔnɔwo. 10 ɖo be mi wɔ ekeawo keŋkeŋ ni nɔvi kewo kpata le Makadonioa. Yi ta mele po eto ɖe ni mi, nɔʋiwo, be mia gbɔ wɔɛ wu. 11 Mile poeto ɖe ni mi ca be mia niɛ agbe kpoo, yi mia kpɔ mia ŋtɔwo ki enyawo gbɔ, mia wɔ eɖɔ, sigbe leke mi fia mi nene. 12 Mi wɔɛ be mia zɔ nyuɛɖe, kiki bubu coŋ amekewo me xɔse o la gbɔ, be maŋ ɖe megbɔ hiŋ mi o. 13 Nɔʋiwo, mi mele di be mia niɛle manyamanya me le amekewo ɖɔ alɔ ŋutio, ne me gbɔ ɖefu ni mi sigbe ama bubu, kewo si emɔ kpɔkpɔ mele na o la nene. 14 ɖobe Ne mixɔse be kristo ku yi egbɔ fɔ ɖe agbe la, nene kie yi, Mawu ato Yesu ji agbɔ agbɔ amekewo ɖɔ alɔ le kristo me. 15 ɖo be mile gblɔ ni mi le Afetɔ ki enya me, be mia amekewo le agbe, yi mi le kpɔ emɔ ni Afetɔ ki ʋaʋala, mi ma nɔ kɔŋgbe ni ame kewo ɖɔ alɔ o. 16 ɖobe Afetɔ ŋtɔ la coŋ ejipo ʋa. Aʋa kiki afa daɖa, kiki Mawuɖɔla ki egbe kiki Mawu ki ekpiéɖiɖi, yi amekewo ɖɔ alɔ le kristo me la woa myɔ kelékelé. 17 Yi mǐa amekewo le agbe la, woaxɔ mia kiki wo yi esrɔ me be mia ʋa yi dogo Afetɔ le eyame belmia mia yi nanyi kikütɛgbɛ. 18 Yita micɔ enya kewo fa akɔni mia nɔnɔɛwo.