1 Me se gbe sesɛ̃ɖe ɖi cɔ kɔkɔɛƒe be kɔkɔɛƒea le gblɔgblɔŋ ne Mawu dɔla adreawo bena :«mí yi ne mia cɔ Mawu be domedjoe kɔƒo adreawo kɔle anyigbã dji 2 Mawu dɔla gbãtɔa zɔ̃yi ɖɔli nuyi le yibe kɔƒoa mea kɔɖe anyigbã dji ; abi vɔɖi vɔɖi dje ameyiwo ŋti ʋɔdriba be djeti do lea ku ameyi wo ne subɔʋɔdriba be kpetata ŋti. 3 Mawudɔla vegɔa, kɔ nuyi le yibe kɔƒoa mea le aƒume. Aƒuatrɔ sigbe amekuku be ʋu ene. Eye nugbagbe yi wo kpata ne le afuamea ku. 4 Mawu dɔla etɔ̃ gɔ̃a ɖoli etɔa kɔle tɔ sasra ku tɔ djɔ ƒewo ye wo trɔ zu ʋu. Me se dɔlagblɔ bena : 5 «amedjɔdjɔe le nyi wo ameyi nɔ̃ anyi cã gba kpɔtɔ le fifia kɔkɔetɔ le nyi le kodjo yi le ɖoa ta.» 6 Ɖo be wo kɔ ame kɔkɔɛwo ku nyã gblɔɖilawo be ʋu ɖe anyi ta, le nawo ʋu be wo ne nu nuyi dje nawo be woa xɔa yema, 7 Eye lifi be vɔsa kpea ƒonuƒo gblɔ bena :«ɛ̃, aƒetɔ Mawu ŋsẽwo kpatatɔ, kodjowo ɖoɖowò wó nyi nyateƒe eye wo kpata wo le djɔdjɔe 8 Ene gɔ̃a ɖɔli yitɔa kɔle ewo dji, eye wo ɖemɔ̃ ne ewoa bena ne fiɔ̃ amewo sigbe edjo ene eye ewo tɔ ame fiofiɔ gaku djo bibi, 9 Djo bibia fiɔ amewo veveɖe ŋtɔ, eye wo dje nyã baɖa baɖa wo gblɔgblɔ le Mawu yi kpacɛ le nuvɔ̃ɖi wo kpata djia ŋti. Vɔa wo gbe be yo ma trɔ djime o, eye wo gbe cã bena yo ma cɔ ŋti kɔkɔe na Mawu o. 10 Mawu dɔla atɔ̃gɔ̃a ɖɔli yitɔa kɔle ʋɔ̃driba be fio zikpia dji eye yibe fiɔ ɖuƒea do viviti. Amewo le aduku ɖuŋ ku veve sese. 11 Amewo le nyã baɖa baɖa wo gblɔŋ le djiƒo Mawu ŋti le wobe abi ku veve sese wo ta. Vɔa wo kpɔtɔ gbe be yo ma trɔ djime le wo be nuvɔ me o. 12 Mawu dɔlaamade gɔ̃a ɖɔli nuyi le yibe kɔƒoa me kɔle frat tɔ gã me ye tɔa miɔ ziɖekazu ƒuƒuiƒe, teƒe yi woe djeƒe fiɔwo la nɔ totoŋ. 13 Me kpɔ gbɔ̃gbɔ̃ makɔ makɔ ametɔ̃ yi wo ne ɖi abitoea dro co ʋɔ̃dribe ku gbeƒoƒo nyãgblɔɖitɔa be nume. 14 Gbɔ̃gbɔvɔ̃ yi wo ne wɔna nukunua be gbɔ̃gbɔ̃ woe nyi eya wo. Gbɔgbɔ̃ ya wo dro yi fiɔ wo kpata gbɔ le anyi gbã kpata dji bena yi woa ƒo fiɔwo kpata ate le du ne aʋa wɔwɔ le Mawu ŋsɛ kpata tɔa be ŋkeke gãma ŋti 15 «Kpɔɖa, me gbɔnɔ sigbe fiafi tɔ ene ! woa yra ameyi le ŋuzɔ̃ eye elebene yibe awuwo le eɖokui ŋti bena yi ma ti amama ne eŋu ne kpe yio. 16 Gbɔgbɔ yawo ƒo fiɔwo te le teƒe ɖe yike wo yɔna le hebri gbe me bena armagedɔ̃ 17 Mawu dɔla adre gɔ̃a ɖɔli nuyi ne le yibe kɔƒoa me kɔɖe ayame. Eye egbe gãɖe yi co djiƒo ɖi le Mawuxɔ gã me gblɔ bena :«wo wɔɛ vɔ loo!» 18 Dji dje djo keke, le gbeɖeŋ seseɖe, ye anyi gbã cã ʋuʋu seseɖe ŋtɔ ; anyi gb bã me ʋuʋu le ka tɔgbe kpɔ gbeɖe o. 19 Du gã xɔŋkɔa ma le akpa etɔ̃, eye dukɔwo be dugãwo gbã. Mawu ɖo ŋku babilonia du xɔ ŋkɔa dji ye Mawu cɔ yibe dɔmedjoe kɔƒoa ku djiku yi ne yɔ yibe djimea nɛ enu keŋkeŋ. 20 Ƒu dome nyigbã wo bu eye ekpo ɖeke me gba le woa kpɔ o. 21 Cikpe gãɖe va dja, ekpeawo be kpekpe me la nɔ̃ sigbe kilo blatɔ̃ kpata ene. Cikpe ya ƒo amo veveɖe eye wo gblɔ nya baɖabaɖa wo le Mawu ŋti le fukpekpea ta. Fukpekpea ɖo vɔvɔ̃ ŋtɔ.