1 Eye mekpɔ eye kpɔ ɖa alěvia le citre le Zion be toa dji eye ame akpe alɔƒa ɖeka blane vɔ ene, yiwa be ŋgonu woŋlɔ yibe ŋko ku Tɔtɔa be ŋkɔ ɖoa le eŋu. 2 Eye mese gbra ɖe co djiƒo sigbe ci sugbɔwo be gbeɖiɖi ene eye sigbe djiɖigbe sesẽa ɖe be gbeɖiɖi ene, eye gbe yi mesea le sigbe saŋkuƒotowo yiwo le wobw sŋkuwo ƒoŋ be gbeɖiɖi ene. 3 Eye wodji ha yeyea ɖe le ƒiɔʒikpea ku mu gbagbe eneawo kaku amegã xoxoawo be ŋku me; eye ame ɖekpe mate ŋu srɔ̃ (kpla) hadjidjia o, ne gbe ame akpe aloƒa ɖeka blane vɔ ene yiwo woƒle co anyigbã djia kpe. 4 Woawoe nyi ameyiwo meƒo ɖi wo ɖokoe ku nyɔnu wo o ldoa wome nyà ŋucu o. Wo kplɔ na Alẽvia ɖo ne yi teƒe ɖekpe kpe. Wo ƒlewo co amewo dome sigbe Mawu ku Alẽvia be ŋkɔgbenewo ene. 5 Eye le wobe nu mea, wome kpɔ gbeƒoƒo ɖekpe o, ɖoa wonyi mokãkã manɔŋutɔwo. 6 Mekpɔ mawuɖɔla bua ɖe le djodjoŋ le djiƒo be dodome, eye elé Nyanyui mavɔ ɖe asi be yeaɖe gbeƒã ne anyigbãdjitɔwo, ne vodusubɔtɔwo kpata, ku to ɖekpekpe; ku gbegbɔgblɔ ɖekpekpe kaku dukɔ ɖekpekpe. 7 Egblɔ ku gbe gã ɖe be: Mivɔ̃ Mawu eye micɔ ŋutikɔkɔe nɛ ɖoa yibe kodjoɖoɖo be ŋkekea ɖo eye mido ta gu ne ameyi wɔ djiƒo ku anuigbã ku aƒu ku ci be djɔcoƒewo. 8 Eye mawudɔla bu yi nyi evegɔ̃a kplɔe ɖo le gbɔgblɔŋ be: Emu Babilon gãa mu! Emu babilon gãa mu! Ɖu yi na be dukɔwo kata no yibe ahasiwɔwɔ be dɔmedjoe be ahaa! 9 Eye Mawudɔla bu yi nyi etɔ̃gɔ̃a kplɔe ɖi le gbɔgblɔŋ ku gbe gã ɖe be : ne amea ɖe do ta gu ne lã ku yibe legba eye bexɔ yibe djesi ɖo ŋgonu alo yibe asi ŋua. 10 Yicã la no mawu be dɔmedjoe be aha yi wo me caka kɔ le yibe dɔmedjoe kɔƒo mea eye woacɔ djo ku djokpe afiɔ fui le mawudɔla kɔkɔeawo ku alẽvia be ŋku me. 11 Eye wobe ƒuwɔwɔ be adjidjɔa tu le djiƒo yiŋ co mavɔ me yi ɖe mavɔ me, eye ameyiwo do ta agu ne lã ku ameyi xɔ yibe ŋkɔ be djesi womakpɔ djidjɔ ʒã ku ŋkeke o. 12 Fiyia yé ame kɔkɔe yiwo léna mawu be seawo ku yesu be dixɔse me ɖe asia be djidodo la. 13 Eye mese gbea ɖe co djiƒo yi le gbɔgblɔŋ be: ŋlɔ be : woayra ame kuku yiwo ku le aƒetɔa me co ƒiƒia seyia: Ɛ̃, Gbɔgbɔa gblɔ be woaɖi ɖe eme co wobe agbagbadjedjewo me ɖoa wobw dɔwɔwɔwo lakplɔ wo ɖo. 14 Eye kpɔ ɖa, mekpɔ alilikpo ƴiá ɖe eye emea ɖe bɔbɔ nɔ anyi le alilikpoa dji sigbe amegbetɔvi ene eye sikafiɔkuku le ta nɛ eye ƴui goba ɖaɖɛa ɖe le esi. 15 Eye mawudɔla bua ɖe dro co gbedox'ome le aƒa doŋ ku gbe gã ɖo ɖa ameyi nɔ anyi le alilikpoa dji be: Ɖa ƴui goba ɖaɖɛ woa ɖa eye lahanu, ɖoa nuhaha be game ɖo eye anyigbadji nuwo ɖi!. 16 Eye ameyi bɔbɔ nɔ alilikpoa djia co yibe ƴui goba ɖaɛa da ɖa anyigbã dji eye eha anyigbã dji nuwo. 17 Eye mawudɔla bua ɖe ɖro co gbedoxɔ yi le djiƒoa me eye yi cã la ƴui goba ɖaɖɛa ɖe asi. 18 Eye mawudɔla bu yi kpɔ le djo djia ɖro co vɔsamlekpea me eye edo aƒa ku gbe gãa ɖe ɖo ɖa ameyi lé ƴui goba ɖaɖɛa ɖe asi be: Ɖa ƴui goba ɖa ɖɛ woa ɖa, ne lalã anyigbã dji weinka be kpowo; ɖoa yibe kucecewo ɖi! 19 Eye mawudɔla da yibe ƴui goba ɖaɖɛ ɖa le anyigbã dji eye eco anyigbã dji weinka be kucecewo eye eco wo da le mawu be dɔmedjoe be weinfiɔ̀nu gãa me. 20 Eye wofanya weinceceawo ku aƒɔ le dua godo eye ʋi dro le weinfiɔ̀nua me le ɖɔɖɔŋ vaseɖe sɔwo be numefa ŋuci eye esu sladio akpe ɖeka ku alɔƒa ade.