Eta 1

1 Enye hamemegã ye le nuya ŋloŋ ne amecaciã Kiria ku viayiwo melɔ̃ le nyateƒe me. Eye me nyi nye ɖeka kpoe lãwo o vɔa amesiame yine nya nyateƒea. 2 Le nyateƒe yi ne le mia me eye ele nɛnɛgbe ku mi yi mavɔ mavɔ mea ta. 3 Amenuveve ku ŋblanui kpɔkpɔ kaku ŋtifafa ne nɛ kumi co Tɔtɔ Mawu ku Yesu Krsito, tɔtɔ Mawu be via le nyateƒe ku lɔlɔ̃ me. 4 Edjɔdji neŋ ŋtɔ bena me kpɔ viwowo dometɔ ɖewo wole zozɔ̃ŋ le nyateƒea me sigbe leke mixɔɛ co sea me le mia Tɔtɔa gbɔ ene. 5 Eye fifia, nuyi biɔŋ mele co gbɔwa Kiria, yenyi bena mialɔ̃ mia nɔnɔɛwo, menyi sigbe mele seyeye ŋloŋ meo ene. Vɔa, eyi mixɔ co gɔme djedjea mea kpoe. 6 Eye nuyi nenyi lɔlɔ̃a yenyi bena mia zɔ̃ le sewodji. Ema yenyi seyi dji mi ɖola zɔ̃le, sigbe leke mikplɛ ene co gɔmedjedjeame ene. 7 Ɖɔa ameblela gbogbo ɖewo va ɖo xexeame, yiwo mele emeʋuŋ bena Yesu Kristo va le ŋtilã me o. Ameya yenyi ameblela ku Kristo be futɔa. 8 Mikpɔ mia ɖokuiwo dji nuyuiɖe bena ne mi ŋgba va bu miabe dɔa be kucecea o. Vɔa ne mia xɔ miabe fecua blibo. 9 Amesiame yi mele Kristo be subɔsubɔ seawo dji wɔmowa Mawu mele esi o. Ameyi mele subɔsubɔ sea dji wɔwa, etɔ ku via le esi. 10 Ne ameɖe va mia gbɔ eye subɔsubɔ sea mele esi oa. Miŋ gba xɔɛ me miabe aƒeme o eye miŋ gba dogbenɛ O. 11 Ɖɔa ameyi ne dogbe nɛa, ewɔ ɖeka kui le yibe dɔvɔ̃ɖiwo me. 12 Nya gbogbo ɖewo le asinye ne ma gblɔ nemi vɔa nye me djibena ma cɔ woma ku womaŋlɔci ne nase ŋlowo ne mio. Vɔa nyeŋtɔ me dji bena mava miagbɔ ne mia ƒonuƒo bena ne mia be djidjɔ kpɔkpɔ a ne deblibo. 13 Dadao amecacã be viwo dogbe nɔ.