Etanya 3

1 Kude ekea ntia, Paolo, nyin gakpametɔ le Kristo Yesu nami munyi na yudatɔwo. 2 nsusube mice amenuveve ke mawu tsɔ dejinyin na mi. 3 Nle hrun kude leke enyɔ le nye mea. Ekea nyi yatowo wawrade ganke nhrun kude le nuhunhrun bume. 4 Ne mi hrinha, miate ce enyanyin le yatowo wawra keame le Kristo nti. 5 Le ehabuwomea, yatowokea nvana agbetɔ wo viwo o. Vua fifia, edefiɔ to gbongbonkɔ kejina awonusrɔ lawo kude nyagbraditowo ke tɔɔe de wadekeji. 6 Yatowo wawrakea, trɔsubɔlawo obɔ yi owɔ deka, yi olekpɔ egome le ngbedodo dekame le Yesu Kristo ku enyanyin. 7 Elabena ntrɔzu subɔla na enyanyin kea tso mawu wa amenuveve ke etsɔ name towo nusin me. 8 Mawu namu enunana kea, nkan devi ke nyinle mawu wakpajio. Nunana kea yi nyibe magbrɔ le yudatɔwo nlɔ me na enyanyin wogakpɔkpɔ na Kristo. 9 Ndola kɔyime na ameciame kude anuke nyi mawu wo dodo wawra nti ekea nyi nɔnɔme ke mawu tsɔ wra le epekevayia wome, kewɔ nucianu. 10 Ekea vaeme kugbɔwofifia, to ehamea, kprɔlawo kude dume meganwo le towo kɔkɔwo va be yowokpɔ mawu wo nunya kude ehiheame wo nukunu wɔwɔ. 11 Ekea le vayime cigbe dodo mavɔ ke vame le Kristo Yesu miawo apetɔ. 12 Le Kristo me mido nsindodo ame kude jidudu ku kakadeji kude miawo xɔse kele iyimea. 13 Tokumajia, nle biɔ tso miagbɔ be migbe gbɔjɔwo kude nyin wo dɔlelea ntiwo, ekeawo nyi miawo dododeji. 14 Tso vodada keajia, njekro do etɔnyin wo nkɔ. 15 Le amekenti pome dekpekpe le jipo kude anyigbaji la vɔ. 16 nle dogbeda be nehɔenamie, kude wo nublanyin kpɔkpɔ wo ganyenye, mia doveve enuku hunsin ke wo gbongbon kele miame. 17 Nle dogbeda be Kristo nenɔagbe le miame kude xɔse nti, nle dogbeda be mia like yi mia wɔ nuwo le wo lonlon me. 18 Miate nɔ owo lonlon mea, kungbɔwo miate ce, cigbe xɔsetɔwo kpata, nuka nyi owo didime, kekeme doyiyime ku ejiyiyi na Kristo wolonlon. 19 Nle dogbeda be mia nya Kristo wo lonlon gantɔ, ke potana nunya dekpekpe, miate wɔ ekea, kungbɔwo mia yɔ kude mawu wamenuvevea. 20 Fifia, na ameke jebe nawɔ nusianua, gan tsɔu enuke milebiɔa ke mile susua, tsɔto wo nusin kele dezon le miamea. 21 Dododeji ne le ehame ne kude Kristo Yesu me. Le tsitsin tsɔyi tsistiji na nkeke dekpekpe kude mavɔ.Amen.