1 Ameke hɔ Yesu be enyi Kristowa oji le mawume yi ameke lontɔa lon evi ke ejia. 2 Ekuma ntia,mi nyin be mi lɔna mawu viwo: ne mile lɔ mawu, yi ne mile wɔ de owo sewoji. 3 Voa mikpɔ lonlon na mawu: miale ese keawo. Yi ese keawo nyin ese gbalo. 4 Yi ameke oji le mawume eduwaji le hiheame.Yi mikpɔ jidudu ke du hiheamejia miawo xɔse. 5 Meka nyin ameke du hiheame jia?Ameke xɔiji se be Yesu nyi mawu ovi. 6 Mikpɔ ame ke va kude etchi ku ehun: Yesu Kristo. Eva muyi etchi nti kpo, voa kude etchi ku ehun. 7 Elabena anyin wameton ke le didase: 8 gbongbon, etchi kude ehun.Ohɔ ameton kuma jise. 9 Ne mihɔ agbetɔwo dasedidia, mawu wo dasedidi gbegangan.Elabena mawu wo dasedidia eledi de evia n'tiyi. 10 Ameke hɔ mawu aviji sea ledidase kude iyitɔ nti.Ameke nhɔ dasedidi ke mawu wɔ do eviata o. 11 Yi mikpɔ dasedidi: mawu nami gbemavɔ, yi agbekuma le eviame. 12 Ameke si evia lè agbe le yisi. Ameke ndo mawu avia ndo agbeo. 13 Nhrɔ enukeawo nami be miate nyin be mido agbemavɔ, mia ke hɔ mawu ovi jise. 14 Voa mikpɔ kakadeji ke mido le nkɔ ne, iyi nyibe me mibie ndekpekpe lewo lɔlɔnula, esena nami. 15 Ne minyabe elesenamia, nkan enuke miabiɔ mi nyin be milebie. 16 Ne amede lekpɔ nɔvia le wɔ nuvɔ ke yikɔde ekumea, edola dogbeda, yi mawulane agbe. Elene bena nuɔ kuma ngbegbe kprɔyi ekumeo.Nuvɔ dele ke kprɔ nameyi ekuma, nye gbrɔbe miadogbeda na ekumao. 17 Numajɔmajɔ dekpekpea nyi nuvɔ; voa enuvɔ dele ke nkprɔ na meyi ekumeo. 18 Mi nyin be aji le mawumea nwɔna nuvɔ o. Voa ameke oji le mawumea lena iyidoke de agbe, yi ayemetɔ mate wɔ nuvɔ kude o. 19 Mi nyin be miyin mawutɔ yi hiheame kpata le gbondo ayemetɔji. 20 Yi mi nyin be mawu ovi va va nami enu nya bena miate nya yatowo tola. Yi mile ameke nyi yatowo tolame, le ovi Yesu Kristo. Yi nyi nyatowo owo mawu kude agbemavɔ. 21 Deviwo minɔ mawu me.