1 Mizɔ afɔtope nye sigbe leke enye tcha mezɔ Kristo ho afɔtope nene. 2 Fifia enyi jijɔ name bena mile enukeo kpata moufia mi la me de alɔme sesede, yi mile wɔm de wo ji nene. Mije na kafukafu 3 Vɔ la mouji be mado n'ku enu deka ji ne mi, iyae nyi be esrɔn nyɔnu de kpekpe ho etatɔ inye srɔ intchu yi srɔn intchu tcha wo etatɔ yi nyi Kristo yi mawu tcha nye Kristo ho etatɔ. 4 Enukum n'ti ta intchu dekpekpe ke la do egbeda alo ela gblɔ mawu ho nya kude etablabla la moudo bubu eho mawou o. 5 Vɔ la nyɔnu dekpekpe ke bla eho eta kude avɔn ken'gbɔ ado egbe da ne mawu la medo bubu eho mawu n'ti o. Egbe nyi be ehlɔ eho eta. 6 Vɔ la ne inyi be nyɔnu de gbe be yi ma bla eta o la, enyɔwu ne be netcho eho eda da ngbe.Ne inyi be nyɔnu de kpa eda yi ele wɔ n'kpe ne la, netchɔ avɔn bla eta 7 Vɔ la nyitchu ndo la bla eta o, egɔme inyi be etchɔ mawu wo nɔnɔme.Vɔ la nyɔnu nye nyitchu ho ntikɔkɔe. 8 Egɔme inyi be nyitchu mutcho nyɔnu me o, vɔ la nyɔnue do go le nyitchu me. 9 Tcho kpe de kia ji la omowɔ nyitchu na nyɔnu o. Vɔ la owɔ nyɔnu na nyitchu. 10 Enukum ta nyɔnu do la tchɔ bubu jesi de eho eta ji sigbe mawu dɔlawo nene. 11 Vɔ la minye nyɔede be na mawu ho dodoe inyi be nyitchu kude nyɔnu dekpekpe o ne hian wo nɔnɔewo le wɔaho agbeme nkekeawo kpata me. 12 Elabena nyɔnu tcho nyitchu me, vɔ la nyɔnu yi ji nyitchu.Yi ndekpekpe tcho mawu gbɔ. 13 Enukae yi nyi mia n'tɔwo ho susu le enya kia me? Enyo be nyɔnu na tati eho eta dade gbaloa yi ila le do egbe da le amewo domea? 14 Hiheame intɔ moufia mi be ne nyitchu de tati eho eda yi moutchoe la nkpe ye enyi nea? 15 Hiheame moufia nu mi be ne nyɔnu tati eho eda makpamakpa la, inye kafukafu ne? Enuke gɔme yi miase inye be mawu tchɔ eda ne sigbe etatchɔnu nene. 16 V ne inyi be amede ja tchɔ enya dɔdɔ va enyakiawo ji la, mingbedo wɔna dekpekpe o alo mawu ho gbedohɔ dekpekpe o. 17 Nde tcha le keyi mouji be maho nu ne mi le.Elabena nyemoulɔ de leke enouwo le yiyim nene o. Eji bena mia bɔ mia nɔnɔwo bena mia du apetɔ ho nududu kɔkɔe la ne inyi be masɔmasɔ de le mia dome nene o. 18 Moulese enya dɔdɔ wo kude ejrewɔwɔ kude mama de eha wuwluiwo me yi nyi enuke le jɔna. Mehɔe se be enukeao oleme vava. 19 Elenemi be mia kpata mia wɔ deka, bena woa do jesi amekeo wɔea le mia dome. 20 Yi miakpata mi bɔ mia nɔnɔwo yi mile enu dum la, mounyi apetɔ ho enududu kɔkɔe yi mile duawo. 21 Ne mi le dunu la, ejebe amesisia me ne du ye n'tɔ wo enu dudu ken'gbɔ ame kpɔtɔe wo ne hɔ wɔa tɔ. Edɔ le amede ya wum yi ame de ya la mu aha. 22 Ahɔewo moule ne mi be miadu nu alo mia nunu le emaa? Mialede mawu ho tchɔtchi n'ti be miado tchakatchaka amewo domea? Ma kafu mia?Nye ma kafumi de enukumɔawo nti o. 23 Elabena, enuke mehɔ le apetɔ la gbɔ yi n'gblɔ nemi le ezan ke me Yudatchɔe sa na yudatɔwo. Yesu tchɔ kpɔnɔ de alɔme. 24 Yi eda ne mawu, yi eme eme de ame eve yi egblɔ be:"ekia nyi nye n'tɔ ho n'tila ke otchɔne mi, mi wɔ ekia be mia tcho do n'ku jinye". 25 Ke o du kpɔnɔa vɔ la etchɔ kɔpu keme vin le de alɔme yi egblɔ be: "ekia enublabla yeye ho ehoun.Gadekpekpeme ke me mianui la mitchɔe le do n'ku ejinye. 26 Gadekpekpeme ke mia du kpɔnɔ yi mia nu ehoun nye la, mia degbefan Yesu ho kuku kude eho tchitretchicthi va se de gakeme ela trɔva. 27 Enukum n'ti ne ame de du akpɔnɔ kia yi enu nu le Yesu Kristo ho ehoun kia le podipodi me la, ewɔ enuvɔ de apetɔ ho ntilan kude eho ehoun a hounti. 28 Elebe amesiame ne yi edokui me nyɔede ke n'gbɔ ne du akpɔnɔ yi ne nou enu le nublabla me. 29 Vɔ ne inyi be amede katche du akpɔnɔ kia yi enu nu le apetɔ me vɔ me se egɔme o la, edu yi enu vɔnudrɔdrɔ de edokui n'ti. 30 Enukum nti yi na be amedewo gbɔjɔ yi amedewo ya ole edɔ, yi amedewo ya oku. 31 Ne mi yi mia dokɔewo me ken'gbɔ yi nu enu la oma drɔn vɔnu mi o. 32 Vɔ ne inyi be drɔn vɔnu mi yi edɔ eto ne mi la awɔe be ma gbe do kojoe ne mi sigbe hiheametɔ kpɔtɔewo nene o. 33 Enukum nti mibɔ mia dekewo be mia du nu, yi mia nɔte kpɔ mia nɔnɔ ken'gbɔ mia du nua. 34 Vɔ ne inyi be adɔ le wou amede la, amea ne du nu le yi ntɔ gbɔ bena min'gbe va bɔ be ne vɔnudrɔdrɔ ngbe va miaji o. Vɔ ne enukpɔtɔewola ke minlɔ nam la, je n'tɔ mafia emu keo miata kengbɔ mia ke de ejinye.