1 Yuda, Ɣesu kristo be dɔla , ku yakɔbo be nɔvi ,ne ame yiwo woyɔ ,eye wokpɔwo ta na Ɣesu Kristo , lɔlɔtɔwo le tɔtɔ Mawu me . 2 nublanuikpɔkpɔ , ŋtifafa ku lɔlɔ ne sugbɔ nemi . 3 Lɔlɔtɔ,medje agbagba sugbɔ be maŋlɔ nu nemi le mia kpata be ɖeɖekpɔkpɔ ŋti .Esidjinye be maŋlɔe ne mia ʋli ne miabe xɔse yi wocɔ na ame kɔkɔe wo ziɖeka le gaƒoƒowo kpata ta. 4 Ɖoa amedewo va miadome ameyiwo be fɔbubu woŋlɔ daɖi xoxo .dimaxɔsetɔ yi wo cɔ makɔmakɔnyenye ɖɔli Mawu be amenuveve ku ameyiwo gbe nu le mia be nufiɔla ku aƒetɔ Ɣesu Kristo gbo. 5 Fifia, medji be maɖo ŋkui ne mi,togbɔ be minya nuyiawo xoxo be aƒetɔa ɖe dukɔa le Egypte ziɖeka,vɔa emegbe ecrɔ ameyiwo me xɔse o. 6 Eye Mawu dɔla yiwo me djra wome amegãnyenye ɖo ku eyi wo ɖasi wɔ be nɔƒewo ɖia , Mawu de gawo yi mavɔmavɔme,le viviti me ,ne ŋkeke gã be kodjoɖoɖo. 7 Wole abe Sodome ku Gomora ku du siwo ƒoxlã wo, wo cɔ woɖokui de makɔmakɔnyenyeme ku ameyiwo wɔ na nuyiwo titre le xixea ŋuti .be ne wɔnye kpɔɖeŋu ne ameyiwo le fukpem le djomavɔ me . 8 Nenema ke woƒoɖi wobe ŋtila le drɔekukuwo me, wo me ɖona to djiɖuɖu o wogblɔna busunyawo co ŋtikɔkɔea wo ŋuti. 9 Ke Mawu dɔlawo be tatɔ mixael titre ɖe Abosam ŋuti eye wòhe nya kui le Mose be ŋutila kukua ŋuti,mixael medji be yia gblɔ nya vlo le ŋuti o de ko egblɔ be aƒetɔa ŋtɔ agbenya na wò . 10 Ke ame yawo gblɔ na nyabada de nuyi wo gɔme wo mese la ŋuti . Nuyi wonya abe nuwɔwɔ yiwo me gbɔgbɔ me le o,to nuwɔwɔ yiawo me , wo trɔ̃ wocã. 11 Baba ne wo! ɖɔa woto kain be mɔ dji , wo ge le balem be vodada me le fetu ta , eye wo trsɔ̃ le korax be aglãdjedje me . 12 Ame yiawo ɣla wobe ŋutinya le lɔlɔ ŋuɖuɖu wome eyime wo ɖunu ku mi ŋukpe manɔ eme tɔe ,eye wo ŋutɔ tɔ ko wodjina ,wonye lilikpo yiwo me ci mele o, yi aya ƒona yina ,wo sɔku ati yi wo mecɛna le ye be game o ,wo ku zi eve ,wo ho wo ku ke. 13 wo zɔna ku ƒudjagbo be ƒucoco, eye wo be ŋukpenuwɔwɔ le abe ƒucoco ya wo be futukpɔ nene ,djinuvi yiwo le cacam,eye Mawu djra teƒe ɖo ɖi na wo le viviti sakɔl me ,be woa nɔ teƒema tegbe 14 Ame ya wo ŋuti ye xenox yi nye Adam be djidjimevi adrɛlia ɖe gbeƒã le bena kpɔɖa "Aƒetɔa ku yi be dɔla akpe nanewo gbɔnɔ, 15 be ʋɔnu drɔdrɔ na va me ne nuvɔ wɔlawo ku djimaxɔsetɔwo le nu baɖa yiwo wo wɔ ku nya baɖa yi wo wogblɔ co Mawu ŋuti ta. 16 Ame yiawo lina liʋiliʋi gasiagame bunafɔ ame buwo,wowɔna nu yi dro wo,wodona wodokui ɖe dji,eye woblena ame ɖewo be yewoakpɔ viɖe le wo gbɔ. 17 Vɔa lɔlɔtɔwo miɖo ŋuku nya yiwo mía be aƒetɔ Ɣesu Kristo be amedɔdɔwo gblɔ. 18 Wo gblɔ bena: le gaƒoƒo kpɔtɔe wo me la ,ameɖewo la do,woa ɖu fewu le mia ŋuti,eye wɔa wɔ nuyi djro wo le ŋutila be djrodjronu. 19 Wɔa wɔa woe mana amedome,wo le ŋutilame eye gbɔgbɔ me le wome o 20 Vɔa lɔlɔtɔ nyewo,mici le miabe xɔse me be mia dogbeɖa to gbɔgbɔ kɔkɔe me. 21 Fifia minɔ Mawu be lɔlɔa me anɔ mɔ kpɔm na mia be aƒetɔ Ɣesu Kristo be dometɔtrɔ na agbe mavɔ. 22 Migbe nya ne ameɖewo, nya he lawo . 23 Mixɔ ne amewo ne mia ɖewo le djome; ne amebubu wo la micɔ vɔvɔ̃ kpɔ nublanui ne wo, alefu wobe ŋutila ƒoɖi. 24 Vɔa ne ame yi ateŋu aɖe mi le gege ɖesiaɖe gbɔ eye wɔa lemi tite le ebe nutikɔkɔe mokaka manɔ ŋuti me le djidjɔme . 25 Ne Mawu ɖeka mía ɖela,to Ɣesu Kristo míaƒetɔ dji, tɔ ne nye ŋtikɔkɔe,bubu,ŋuse ku tɔtete le gaƒoƒowo kpata,co mavɔ yi le mavɔ me .Amen