1 Pɔlu Yesu be apostolo to Mawu be lɔlɔ̃nu me ku Timote mìa nɔvi, 2 mianɔvi yiwo woɖe ɖaga na Mawu ku nɔvi ŋteƒe wɔlawo le Kristo me yiwo nele Colosia.Amenuveve ku tɔtɔ Mawu be ŋtifafa ne mi. 3 Mida akpe ne Mawu miaƒetɔ yesu Kristo be tɔtɔ eye mile gbedom ɖa le miata ɖa. 4 Mise woƒonu co miabe xɔse ŋti le Yesu Kristo me ku miabe lɔlɔ̃ na ameyiwo woɖe ɖaga na Mawu. 5 Le mɔkpɔkpɔ yi wo djraɖoɖi na mi le difowo ŋti .Mise tutugba wo ƒo nu co mɔkpɔkpɔ male nyateƒe be nyame, nyanyui yi va miagbɔ yiceku yi kaka ɖe xixiame, yi le mioca miame , 6 Abe aleyi misee le ŋkeke gbātɔ di eye minya Mawu be amenuveve yile yibe nyateƒe la me 7 Abe aleyi mise to Epafra miabe dɔwɔla yinye Kristo be subola ŋteƒewɔla nami. 8 Ena minye miabe lɔlɔ̃ le gbɔgbɔme 9 Le lɔlɔ̃ mata co ŋkeke yidi miese woƒo nuƒo nuƒo co mia ŋti la mime tɔte gbedodoɖa le miata le biabiame be mia yɔ ku yibe lɔlɔnu nyanya le sidjedje eye le gɔmesese gbɔgbɔme me . 10 Midogbeɖa be miazɔ aleyi dje be miawɔ nuyi dje aƒetɔla nu. Aceku le dɔnyui sia dɔnyui wɔwɔ me eye miayi ŋgɔ le Mawu nya nyanya me. 11 Midogbeɖa be miakpɔ nuse dodo le gowo keke me to yibe ŋti kɔkɔe be nuse me yike ana mi kutri kuku ku djidodo. 12 Mile gbedomɖa be nunya neɖe fio eyi miawo, mia do gbeɖa djidjɔtɔe na tɔtɔ yi ne cia mi be miakpɔ gome le dome nyinu yi wodjra ɖoɖi na ame yiwo wōɖe ɖaga . 13 Eɖe mi co viviti ƒe fiaɖuƒe be nuse me eye wōkplɔ mì yi yimtɔ be vi lɔlɔtɔ be fiaɖuƒe la me . 14 Le evia me mìkpɔ xɔxɔ ku miabe nuvɔ̃wo be cɔcɔke. 15 Vi la yienye Mawu makpɔmakpɔ be nɔnɔme kpɔkpɔb yi nye vitutugbā le nuwɔwɔwo keke me. 16 Ɖɔa to edi wowɔ nuwokeke, nuyiwo mele djiƒowo ku nuyiwo mele anyigbādi nukpɔkpɔwo ku nu makpɔmakpɔ eté nyi fiaɖuƒewo alo nusetɔnyenye alo diɖula nyenyewo alo acékpakpa nyenyewo, wowɔ nuwo keke to edi eye ne eyama . 17 Eli caƒe wowɔ nuwokeke eye eya ma me woli ɖo. 18 Eya yenyi hame la be ta. Eya yenye nusewo keke be djɔcoƒe. yienye amegbātɔ yi ƒɔ̃ co ame kukuwo dome bena wɔaxɔ teƒe gbātɔ le nusianu me . 19 Ɖɔa edje Mawu nube yibe Mawu nyenyea keke nanɔ eya me . 20 Bena wɔawɔ nuwo keke ɖeka to via me Mawu eya eyi wōwɔ ŋtifafa to viabe ʋu me le acicogadi nuyiwonele anyigbadi ku nuyiwo nele djiƒowo. 21 Miwoca mienye amedjrowo ku futɔwo na Mawu le miabe susuwo ku nuvɔ̃yiwo miwɔca me . 22 Vɔa fifia Mawu wɔ ɖeka ku mi le Kristo be ŋtila to yibe ku me .bena wɔ aco miaɖi yibe ŋkume ame kɔkɔewo me kaka manɔ enu tɔwo. 23 Eya le alea be mialike eme maʋãmaʋã le xɔseme bena mima didi co kakaɖe nyanyui yi mise la gbɔ eyi wōgblɔ le nuwɔwɔ keke dome le diƒo te nyanyui nye Pɔlu metrɔ zu subɔ la na. 24 Fifia mele djidjɔ kpɔm le fukpekpeme nye wo mele miata eye meyɔ ŋtila nye ku nuyiwo ne kpɔtɔ na fukpekpe na Kristo na lɔlɔ na yibe ŋtila yi nye hame la . 25 Mele hame subɔm abe Mawu be dɔdasi si wocɔ nam la nami be magblɔ Mawu nyala keke. 26 Nyanyui wlawlayi wo wla co djidjime yi djidjime vɔa fifia woɖe fiɔ amekɔkɔewo . 27 Ameyiwo Mawu dibe yana wɔa nya nuyi ne nye amlima be ŋtikɔkɔe kesinɔtɔ nyenye letrɔ̃subɔlawo dome.yine nye Kristo yi nele miame ŋtikɔkɔe be kakaɖedi. 28 Aya yi mìele gbeƒaɖem.Mìle nuxlɔm amesiame eye mìle nufiɔ amesiame le nunya ɖekpekpe me bena mìcɔ amesiame afiɔ abe ame ciciwo ku ame yi wo nede blibo le Kristo me . 29 Nu mati mele dɔwɔm ku kutrikuku abe, aleyi sɔ ku nunyuinyui yi be le menye ku nuse.