1 Megba fɔ mo dji eye mekpɔ womã ɖe yi le djodjoŋ. 2 Egblɔ neŋ be: Nuka kpɔ̃ŋ lele? Meɖo eŋuci be: mekpɔ womã ɖe yi le djodjoŋ; yibe djidjime le abɔgligo wui eye yibe kekeme le abɔgligo ewo. 3 Eye egblo neŋ be: eyia ye nyi fiƒoɖe yi kaka le anyigbã kpata dji ɖoa woagnã fiafitɔ ɖekpekpe djo le giya eye woagnã gbeƒoƒo be ataŋ katɔwo. 4 Yehowa avawɔla gblɔ be: nye yé kakɛ be neyi fiafitɔ ku gbeƒoƒo be ataŋ katɔwo le ŋkɔ nye me be aƒe me be newɔ yibe nɔƒe eye nefiɔ̃e ku ati ku ekpewo. 5 Mawudɔla yi le nuƒo foŋ kuŋ ma va gblɔ neŋ be: fɔ mo yi dji eye kpɔ nuyi le drodroŋ le géma ɖa. 6 Meɖo eŋuci be: nukae nyi yia? eye egblɔ neŋ be: eyia ye nyi nudogbã yi ɖo gbɔno. Egba gblɔ ke be eyia ye nyi wobe vodada le anyigbã kpata dji. 7 Eye kpoɖa, cuumigbaa ɖe kɔ eɖokoe le dji eye nyɔnu ɖe bɔbɔ no anyi le nudogbã me. 8 Egblɔ be: eyia ye nyi nu baɖa wɔwɔ. 9 Eye ecutui de nudogãa me eye ecɔ cumigba cu enu. Mefɔ mo yidji eye mekpɔ nyɔnu eve yiwo dro va. Aya ɖo wobe awaɖawo me. Wobe awadawo le sigbe damixe be awada ene. Wokɔ nudogbã le djifo ku anyigbã be dome. 10 Mekpɔ mawudola yi ƒonuƒo kuŋ ma be: fika wokɔ nudogbàa yina? 11 Eɖo eŋuci neŋ be: wole xo tugbe nɛ le Sinear be anyigbã dji eye ne wotui voa woacɔe adro da le enɔƒe le géma.