1 Ena mekpɔ Yosua avɔsala gã citre le Yehowa be dɔla ŋkɔ, eye Satana nɔte le yibe nuɖusi me be yacɔ nya ɖe eŋti. 2 Yehowa gblɔ ne Satana be: Yehowa ne ka mo ne o, yehowa nemo ne o yi ameyi ne cia Yeruzalem. Dee menyi djocikpo yiwo ɖeco djome o a. 3 Vɔa Yosua do awu fo ɖi eye wócitre le Mawu dɔla ŋkɔ. 4 Mawu dɔla xɔ nya gblɔ ne a meyiwo nele eŋkɔ be: miɖe awu ƒoɖiwo le eŋti, eye egblɔ ne Yosua be kpɔ me ɖe nuvɔ̃ be awu le ŋti o eye medo aza be awu ne wó. 5 Megblɔ be wo ne cɔ djuku djadjɛ blata nɛ eye wo cɔ djuku djadjɛ bla ta nɛ eye wodo awu nɛ. Mawu dɔla li. 6 Mawu dɔla gblɔ nya ya ne Yosua. 7 Aleyi Yehowa awawɔla gblɔ ya, ne le zɔ le mɔnyewo dji eye nele ŋku le ɖoɖo nyewo nua, laɖo kodjo ne aƒe nyea eye na kpɔ xoxɔnu nyewo dji, mana navo le ameyiwo ne le giya dome. 8 Ɖoto Yosua avɔsatɔ gã, miku tɔwo yiwo ne nɔ anyi le ŋkɔ wó. Ɖoawa woe anyi ameyiwo azu djesi kpoɖa mana dɔcɔvi nye ava. 9 Ɖoa eya ye nyi kpe yi macɔ ɖa Yosua ŋkɔ ŋku adre le kpema ɖeka si. Kpɔɖa nye ŋtɔ maŋlɔ nuyi woa ŋlɔ le edji. Yehowa avawɔla ye gblɔe eye maɖe dukoa be nuvɔ̀ ɖa leŋkeke dka gbe. 10 Le ŋkeke ma dji, Yehowa avawɔla gblɔ be makpe amesiame be woa nɔ anyi le weinti ku gboti gɔme.