1 Eya nyi nya yi Mawu gblɔ na Israël to Maleaxi di: 2 Yehowa be: Melɔ̃ mi, ye mibe: nukame ye lɔ̃ mi le? Yehowa be! Menyi ye nyi Yakob be nɔvio? Vɔa melɔ̃ Yakob. 3 Eye me cri Esau be nyagbɔ. Metrɔ yi me towo djogbe. Eye yi me dòme nyinu wo trɔzu amegãxiwo tɔ le djogbe. 4 Leke Yehowa aʋawɔla gbɔ eya: ne Edom gblɔ be: ne wo gbã mi, mìatrɔ ɖo gliawo. Ne Edom gblɔ be: ne wo gbã mi, mìatrɔ ɖo gliawo, ne wo tuia, ma mui aƒa nyi, eye eywo be nuvi wòtɔwo be anyigbã ku dukɔ kewo ŋti Yehowa bidjido gbidi gbidi. 5 Mìame ŋkuwo akpɔɛ, eye mìagblɔ be: Yehowa lolo yu Israël me liƒowo. 6 Yehowa aʋawɔla gblɔne wò be: vi dona bubu tɔtɔa ŋti, eye kluvi dona bubu ye ƒetɔ ŋti.Ne me nyi tɔtɔa, fika bubu nya le? Ne me nyi Aƒetɔa fika vɔvɔ yi le ŋtinya le? Vɔsatɔ wo donavlo ŋkɔnye, vɔa gblɔna be nuka mi cɔ dovlo ŋkɔ wó? 7 Mìcɔ nuɖuɖu makɔ makɔ o va vɔsa kpɛ nye di. Vɔa le gblɔgblɔm be nuka micɔ doguwo? Eye mile gbɔgblɔm be Yehowa be kplɔ̃ ɖigbɔ. 8 Yehowa aʋawɔla be: ne micɔ elã ŋku gbagbatɔ savɔa, míbe menyrã? ne micɔ elã yiwo nyi dɔnɔa alo lã yiwo afɔ glina savɔa, migblɔ na be menyrã? Micɔɛ ne mìƒɛtɔwo be ɖee, ela djɔ dji nɔwo loo, alo wo la hɔ mi nyuiɖe mɛɛ? 9 Fifia mído gbeɖa ne Mewu, ne ba kpɔ nublanui ne mí ! Mìagbɔ ye nuya co, ɖe be gba te hɔmi nyuiɖea? Yehowa aʋawɔla ye gbɔɛ. 10 Ame keye le mìa dome acu ʋɔ̃truawo, be ne mima dodjo ɖe yámé le vɔsa kpɛ nya djio? dji mele djɔɛ ɖe mia ŋtio, Yehowa aʋawɔla ye gblɔɛ, eye vɔ̀sa nu yi wo co mìame alɔmea, ɖekpé ŋgba droŋ. 11 Ŋkɔ nye lolo le dukɔwo dòme, co ɣodjeƒe vaseɖe ɣotoɖoƒɛ, le afisiafia wotɔnà liƒi cɔ dòna bubu ŋkɔnye ŋti. Eye wo sana vɔ kɔkɔe wo, dɔa ŋtia ŋkɔ nye lolo le dukɔwo kpata dome, Yehowa aʋawɔla ye gblɔɛ. 12 Vɔa míawo ya mídui ŋnyɔ, le gblɔgbɔm be Yehowa be kplɔa ƒoɖi, eye nuɖuɖu yi wo le edjia me kɔ o. 13 Leke Yehowa aʋawɔla gblɔ eya: mile gblɔ̃gbɔm be, eɖu dua, fuɖeɖe ne ame yee, eya micɔ nu nanawo, elã dɔnɔwo ku lã afɔ gligliwo vasɔ vɔ. Ɖe mele eya diŋ co mìa gbɔa? Yehowa ye gblɔɛ. 14 Aɖi ameblɛtɔ ŋti kokòko, nenyi be lãcu le yi me lãwo dome, eye edo ŋgbe vacɔ lã afɔ gligli savɔ ne Aƒetɔa ! ɖɔa ŋtia Fiɔ gã ye me nye eye vɔ̃vɔ̃ le ŋtinye le dukɔwo dome. Yehowa aʋawɔla ye gblɔɛ.