1 Afetɔ ɖo ŋuku sara dzi sigbe leke be gblɔe nene, eye ewɔ yime ŋugbedodoa dzi nɛ. 2 Sara fo fu, eye edzi ŋutuvi na Abraham le yime togbui kukume le gafofo yi Mawu gblɔ dzi. 3 Abram na ŋkɔ via ŋtuvia. Isak yi sara dzi nɛ. 4 Abraham cɔ ava na via Isak le ŋkeke enyi goã gbe sigbe leke Mawu gblɔnɛ 5 Abraham xɔ fe alɔfãɖeka gakeme wo dzi via ŋutuvi Isak . 6 Eye sara gblɔ be Mawu do nukokoe nam. Ame sia ame yi lase nya ya la kom. 7 Egba gblɔ be: Ame kae latem susui agblɔ na Abraham be: sara la na anu viviwo? Voa me dzi vi nɛ le yime togbu kukume. 8 Ɖevia le ti eye wo co anu nɛ eye Abraham ɖu azã gãɖe gãɖe yigbe wo co anu na Isak. 9 Sara kpɔ agar Egypt nyɔnuvi be vi ŋutuvi yi be dzi na Abraham le konu. 10 Eye egblɔ na Abraham be: Nyã amegbɔnɔvi ya ku yime vi ŋytuvia dzo doaŋtia amgbonɔvi ya be vi ŋutuvia makpɔ gome le nu mama me ku vinye ŋutuvi Isak o. 11 Enya ya me dzo dzi na Abraham o. le via ŋutuvia ŋti. 12 Voa Mawu gblɔ na Abraham br: Eya mega ve wo, le vio ŋutuvia ku nɔ a amegbɔnɔvia ŋuti o. tɔ le sara be sia nu yi bele bio dzi doaŋtia Isak me ye wó dzidzimeviwo wa dro co. 13 Mana be dukɔ lado co woa amegbonovia be vi ŋutuvia me doaŋtia enyi wo dzidzimevi. 14 Abraham fɔ ŋdi kanyè edi nuɖuɖu, eku ti le golo me cɔ na hagar éye ecɔ tia da abɔta nɛ ecɔ via cã nɛ eye eŋãe. 15 Edzo eye ebu le Beer scheba be gbedadafo. Eyi tia vo le goloa mea eɖasi via da le ativi ɖe gõme, 16 Eye edzo vɛ noanyi lanɔ sigbe didime kpedada ɖeka nen doaŋtia egblɔ le edokui me be: nye ma tema tɔte akpɔɔ devi ya me ku tefe o. numaŋti be yi vɛ noanyi le adzɔge le via gbɔ. ziɖekaa, devia tɔ avi fafa seseẽ. 17 Mawu se ɖevia be avifafa, edye Mawudɔla yɔ hagar cɔ dzifo gblɔ nɛ be Hagar nukɛ le wɔ o? megbavɔ̃ o, doaŋtia Mawu se viwa be gbe le tefe yi be le. 18 Cɔ eye yi na kɔ devia ɖe asi doaŋtia mana lazu dukɔ gã ɖe. 19 Ziɖekaa Mawu vu yime nku eye ekpɔ vudo ɖe yime ci le. Eyi vɛ ku cia dɔ goloa, eye ena via be nu. 20 Eye Mawu nɔ ku devia eye eci, eye enɔ gbedzi trɔzu aŋutrɔdala. 21 Eye enɔ gbedzi le Paran, eye nɔa ɖe srɔ̃ nɛ co Egypte be anyigba dzi. 22 Le gama mea, Abimelex ku yime avafiɔ pixol wogblɔ ne Abraham be:Mawu li ku o le nusianu yi le wɔna me. 23 Azɔ ka tam le Mawu be ŋkɔ dzi le fia adzogbe be womable nye ku vinyewo ku wome dzidzime viwo be wola kɔ adɔme le mia ŋti ku du yime lanɔ sigbe leke nye gã me kɔ adɔme le ŋtiwo nene. 24 Abraham gblɔ be ma ka atam. 25 Voa Abraham gbe nya na Abimelex co ci vudo yi Abimelex me subɔlawo xɔ le wosi akpasese. Abimelex doŋti be: 26 Nye me nya ameyi ne wɔ nu maɔ, eye me gblɔe na meo. De me le see ema . 27 Eye Abraham cɔ gbɔ ku niwo na Abimelex eye woa ame eve wo wɔ nublabla. 28 Abraham cɔ gbɔ̃vi adre ɖo alodzi. 29 Eye Abimelex bio Abraham be: nuka le dja cɔ gbɔ̃vi adre ya yi le cɔ draɖo la wɔ? 30 Eɖo ŋuti be: wo la wɔ gbɔvi adre ya le asi nye yi la defio be me ɖe vudo xawo ku alɔ nye. 31 Numa ŋuti wo yɔna abima be: Beer scheba, doaŋtia afima ye wo kã atam na wo nɔnɔewo le . 32 Wobla nu le Beer scheba Eye Abimelex ku yime avafio Pixol wodze mɔ gba trɔ yi Filistitowo be anyigbadzi. 33 Abraham do Tamaristiwo le Beer scheba, eye le afima eyɔ Afetɔ be ŋkɔ yi nyi Mawu yi ɖe mavɔ me. 34 Abraham nɔ Filistitowo be duame dzidzi ɖe.