Artaxerxes ɖo nuɖu kplɔ gaè de fio sro Vasti gbegbe 1 Enyi Artaxerxes be game Artaxerxes ma ɖufiɔ co India yi Etiopia le nutome alɔfã ɖeka bla eve vɔ adre 2 Le ŋkeke ma mea woɖo Artaxerxes zi dji le srusa fiɔ dua me. 3 Le yibe fiɔɖuɖu ƒe etɔ̃a mea, eɖo nuɖu kplɔ gã ɖe ne exɔlɔ̃wo ku esubɔviwo, Persitɔwo be aʋakɔ ku mediatɔwotɔ ne bubu mewo ku nutome dji ɖulawo. 4 Eɖe yibe fiɔɖuƒe be gakpɔkpɔ ku aciɔ̃ gã la fiɔwo eɖu azã aɖe ŋkeke alafa ɖeka bla anyi sɔŋ. 5 Le azã ɖuɖu be nuwuwua, fiɔa ɖo ahãnokplɔ na amme vovovo yiwo co dukɔ vovovowo me le fiɔ dua me co ameciciwo dji vase viviwo dji. Azã ya ɖuɖu drẽ sɔŋle fiɔsa be xɔxɔnu. 6 Wo ɖo aciɔ̃ na fiɔsa ku aɖabɛ ʋlayiʋlayiwo ku ɖetivɔ xɔmeco nuwo yiwo wo ci ku aɖabɛka dji yiwo ŋti wole sika ku klosalo kpewo ku kpekɔkɔ xɔasi gaku kpe bubuwo. Wocɔ sika ku klosalo zikpui legbewo olaɖe kpe xɔasi amedede gbemumu nyigba dji. Nutatawo le seda alo ɖetivɔ yi wociɔ nuwo djile gema. Woɖo aciɔ newo ku amedede vovovowo eye wocɔ rosaseƒoƒowo ƒo xlã wo. 7 Sika ku klosalo ahanokɔƒowo li, woɖe kɔ vii aɖe yi wocɔ kpe xɔasi yibe kpekpeme wu klosalo akpe ɖeka wɔea fiɔ̃ wain vivi yibe tɔgbe fiɔa ŋutɔ naona li gbogboɖe. 8 Ahanonoa mele ɖoɖoa ɖekpe me o. Ɖoa fiɔa ŋutɔe di be wòanɔ nana, eye wò ɖe gbe ne yibe subɔviwo be wɔawɔ ɖe yiŋtɔ ku yibe amekpekpeawo be didi dji. 9 Le fiɔa nyɔnu Vasti be akpadia eɖo adranokpɔ na nyɔnuwo le fiɔa be aƒeme afi yi fiɔa Artaxerxes lea. 10 Le ŋkeke adrea dji eyime djinɔ fiɔa djoma egblɔ ne Haman ku Bazan, Tara ku Boraze, Abataza ku Taraba ame tata adrẽ yiwo subɔnɛa. 11 Be wokplɔ fiɔ nyonua va yi gbɔ Edi be ya ɖe gbefãe sigbe fiɔ nyɔnu ene, yaɖɔ fiɔkuku nɛ, eye ya ɖe yibe tugbedjɛ djedje afiɔ̃ nutome djikpɔlawo ku dukɔ vovovowo be amewo ɖoa nyateƒe mea enyi nyɔnu yi dje tugbedjɛ ŋtɔ (nya kpɔkpɔ) 12 Vɔa fiɔa nyɔnu Vasti gbe be yima ɖoto fiɔa be se yi wode to yibe ame tatawo di o numa do djiku ne fiɔa eye wòdo dɔmedjɔe ŋutɔ. 13 Fiɔa nɔ anyi ku watri me nunyalawo be wɔakpɔ aleyi wɔawɔ. ɖoa ameyiwo kekeŋ ne teɖe fiɔa ŋti yinya se ku ɖoɖowoa senya. 14 Arkesaeo ku Sarsataeo gaku Malesear yiwo nyi Persic ku Mediatɔwo be nutomedjikpɔla yiwo gogo fiɔa wu yiwo xɔ teƒe gbãtɔ le fiɔɖuƒea me 15 Wo gblɔ nuyi nedje be wɔawɔne fiɔ nyɔnu Vastia nɛ ɖe aleyi mewɔ le fiɔa be gbeɖeɖe dji to ame tatawo dji woa 16 Muxaeo gblɔ le fiɔa ku nutomedji kpɔlawo be ŋku me be: «Menyi wɔ vodadaɖo o vɔa nutome djikpɔlawo ku dudɔwɔlawo kekŋ ŋti ku duku yiwo nele fiɔa be nutowo me ŋti wòwɔe ɖo». 17 Ɖoa fiɔa nyɔnu Vasti be gbegbe be meɖoto fiɔa wɔa, nyɔnuwo lase eye woma ɖoto wosrɔ̃ wo ne wogblɔ nuyi Vasti wɔ eyi fiɔa yɔe egbe egbɔ vava. 18 Azɔ nanake nyɔnu bubu yiwo nyi Persica ku Media nutome djikpɔlawo srɔ̃wo cã awɔ ne wose nuyi wò gblɔ ne fiɔ a. 19 Eya ŋti ne edje fiɔa ŋua nede fiɔa be se yina sɔ ku Mediatɔwo ku Persiatɔwo be seawo bena wumate ŋu atrɔe o be: fiɔnyɔnua ŋgba va eŋkume azɔ o. Ke fiɔa necɔ bubuteƒe le fiɔɖuƒea mea ana nyɔnu yi nyowu eyama. 20 Mina be se siase yi fiɔa nadea woaɖe gbeƒãe le yibe fiɔɖuƒea me, bena nyɔnuwo kekeŋ na bu wosrɔ̃wo co amegaxowo dji vase viviwo dji. 21 Nuƒo ma dje fiɔa ku nutome djikpɔlawo nu eye fiɔa wɔ sigbe aleyi Muxaeo gblɔ ene. 22 Fiɔa ɖo sea ɖa yibe fiaɖuƒea kekeŋ me, eɖoe ɖa le nuto ɖesisɖe me le nutomea ŋutɔ be gbegblɔ gblɔ me, bena le aƒe ɖesiaɖe mea, woade bubu srɔ̃ ŋucu ɖesiaɖe nu.