1 Mélé kafu Foibe, mia nɔvinyɔnu ke nyi kenxea hame ki subɔla la ni mi, 2 beni miaxɔe le Afetɔ la sigbe le ke jé ni ame kɔkɔewoe la, yi miakpe ɖe iŋu le ɖɔsia ɖɔ, ke me ehia mi le la me; ɖobe iya ŋtɔ ca nyi kpeɖeŋutɔ ni ame ɖewo, yi ni nye ŋtɔ ca. 3 Meedogbe Priskila kiki Akwila, kewo nyi ehanyidɔwɔlawo le Kristo Yesu me la, ŋu. 4 Woawo yi nyi amekewo co woawo ŋtɔ ki kɔwoɖe anyi ɖe anyi ɖe ŋfe lɔvɔta, amekewo menyi ŋfe ɖeɖekoe le ɖa akpe nɔwo o, yi ehame, kewo kpata le etrɔsubɔlawo dome ca; 5 yi miɖuɖɔ ehame, ke le woki afe me la, num fa. Miɖuɖɔ. Epeneto, yinyilɔlɔlɔ, ke nyi kucécé gbatɔ ni kristo le Asia la, num fa. 6 Miɖuɖɔ Maria, ke wodɔ gede le mia ŋu. 7 Miɖɔɖɔ andronika kiki yunia, kewo nyi ponyemewo kiki ehenyigatɔwo, amekewo xɔ enyikɔ le apostoloawo dome, amekewo ŋɔkɔŋgbe nyi kristo na la, num fa. Miɖuɖɔ 8 Amelia, efe lɔlɔlɔ le Afetɔ la me num fa. 9 Miɖuɖɔ Urbanio, ke nyi mia ehadɔwɔla le kristo me la, num. 10 Miɖuɖɔ Apeles ameke li ke le Kristo me num. Miɖuɖɔ amekewo co aristobulo ki afe me la num. 11 Miɖuɖɔ amekewo co Narkiso fe me, kewo le Afetɔme la num. 12 Miɖuɖɔ trife na kikitrifosa, kewo le jeagbagba le Afetɔ me la num. 13 Miɖuɖɔ Peasisi, lɔlɔlɔ, ke jé agbagba jé agbagba geɖe le Afɔ la me num. Miɖuɖɔ, Ruto, ame caca le Afetɔ me la kiki dada, ke nyi ŋfe ha danye la num. 14 Miɖuɖɔ Asinkrito, Hego, Herme, Patroba, Herma kiki nɔvi kewo lé kikiwo la, nam. 15 Miɖuɖɔ Filologo kiki Yulia, Nerea kiki nɔvianyɔnuvi kiki olimpa kiki ame kɔkɔe, kewo kpata lé kikiwo la, num. 16 Midogbeni mia nɔewonum. Kristo hameviwo kpata le doni mi. 17 Fifi melé ponu nimi, nɔviwo, be mialé ŋku ɖe ame kewo ɖe enufiafia, ke misrɔŋu la ŋu, yi mite mia ɖokui ɖa co wo gbɔ. 18 Dobe nemem me keawo mesubɔa mia Afetɔ Yesu Kristo o, yi woki fodo boŋ yi wole subɔ, yi wocɔ enupopo nyui kiki yayranyawo bléa amekewo mesusu vɔa ɖekpekpe o la ki jiwo. 19 Dobe miaki etoɖoɖo jé amewo kpata ki tome; iyata ji le jɔm le miaŋu, yi melé di be, mianyi enunyalawo le nu nyui me, yi ame ja jɛwo ɖe nuvɔ ŋu. 20 Mawu a toukou Satana ɖe miakiafɔwo nu. Mia ki Afetɔ Yesu Kristo ki amenuvenu la nena nyi kiki mi kpata! 21 Timeteo, ehamedɔ wɔla, kiki lukio kiki Yason kiki Sosipatro, ponyemetɔwo, dogbe ni mi. 22 Enye tertio ke ŋlɔ agbale kea la, medogbe nifa. 23 Gayo, ke nyi mia ki ehame blibo la ki Afetɔ la, le dogbe ni mi. Erasto, ke nyi du me gajikpɔtɔla kiki nɔvi Kuarto do ni mi. 24 Mia ki Afetɔ Yesu Kristo ki amenuveve la na nanyi kiki mia kpata. Amen 25 Fifi ameke ate ŋu ado ŋuse mile ŋfe enyanyuie kiki Yesu Kristo ki egbefaɖeɖe la nu le nya xlɔxlɔ, ke woxlɔ co yeyiyi mavɔmavɔme kiéla, yi ɖeɖefia la nu, 26 Eke woɖe fia azɔ yi to nyagblɔdilawo ki ŋɔŋlɔwo me le Mawu mavɔtɔ ki sedédé la nu, wona trɔsubɔlawo kpata nyyae hina xɔ se ki etododo: 27 Mawu kenyi enunyatɔ ɖika hɔto Yesu Kristo ji la, tɔ nanyi bubu la yi ɖe mavɔmavɔme. Amen