Eta 21

1 Eke Yesu fɔ eta la, ekpɔ egatɔwo le cɔwoki enunanawo le ɖe enujɔjɔ ki araka me. 2 Yi ekpɔ ahosi dahe ɖeca cɔ bie eve dare yime. 3 Yi egblɔ be: le enyatefeme la mele gblɔ ni mi be, ahosi dahe kea cɔ sugbɔ de yime wu wo kpata. 4 Wo kpata wocɔ enuke le wo si la ki vide le yi ji cɔwɔ enunana. Vɔa ahosi keya cɔ enukewo le veveɖe nɛ, enukewo kpata le yi si ni agbenɔnɔ cɔna. 5 Eke ame!!!dewo le ponu co Mawuxɔ ŋuti, sigbe leke woɖo acɔ nɛ, kiki ekpe nyuiɛwo, kiki enunanawo la; egblɔ be: 6 Enukewo kpata mile kpɔ la, ŋkekewo le gbana, ke womagble ekpe ɖe ekpe ji, ke wo matupɛ o. 7 Wobiɛ be: Afetɔ egakala me yi enukeawo la va yime o, ui enukala yi lanyi jesi ni egapopo keme enukeawo lava yime o? 8 Yesu ɖo yiŋu be: mi kpɔ nyuieɖe be womegbɔflu mi o. Ɖo be ame sugbɔ lava le ŋfé enyika ji, yi woagblɔ be enye yi; yi azagbe la ɖo vɔ, migbɔje wo yome o. 9 Ne mise avawɔwɔwo, kiki ezitɔtɔwola, mi gbɔvɔ o, ɖo be ejebe enukeawo kpata nava yime gbɔ, gakié enuwuwu mava zrika o. 10 Yi egblɔ nɔwo be: edukɔ acoŋ ɖe edukɔ ŋuti, efiɖufe ɖe efiaɖufe ŋuti. 11 Anyigbahuhu lava tefe, tefewo; edɔwuame kiki edɔvoɛwo. Eŋojidodowo kiki jesi gawo la zé le ejipo. 12 Vɔa kafé enukewo nava la, woacɔ woki ɖe miaji, yi mia yome woakplo mi yi eha wo me, wocɔmi ɖe egaxɔme woaplɔ mi yi efiawo kiki efia gawo gbɔ le ŋfé enyuikɔ ta. 13 Ebanyi emɔkpɔkpɔ ni mi be miadi ɖase. 14 Mi gbɔɖo le mia ki ejime be lemɔ mawɔ aɖe dokoenye o. 15 Ɖobe macɔ enya kewo le veveɖe kiki enunyanya ke miaki eketɔwo mateŋ natre yinu alo woatroɛ o la ni mi. 16 17 Vɔa miaki jilawo, mia nɔviwo miaki epometɔwo, mia xɔlɔwo, woacɔ mi ɖe asi, yi woawu mia dometɔ eɖewo. woabé ke mi le ŋfé enyikɔ ta. 18 Yi mia ki etaɖa ɖika macrɔ o. 19 Le mia ki ejigbɔɖeanyi me la, miaɖe mia ki luwɔwo. 20 Ne mikpɔ avawutɔwo pohla Yerusalem la, mi nyɛ be yi ki afédozizi ki egame ɖo. 21 Yi ta amekewo le yudea la womasi yi etówo me, amekewo lale eduame la wo na yi afelu. Yi amekewo be agbletawo la wo megbɔ yi yime o. 22 Ɖo be ŋkekeawo lanyi ehlɔbibia ki ŋkekewo, be wo nawu enukewo kpata woŋlɔa nu. 23 Baba ni nyɔnu kewo la fɔfu, kiki amekewo evinɔnɔ le asi na be ŋkekeawo me. Ɖo be hiŋtume gaaɖe lava edukɔa me; kiki edɔmezoe mi edukɔ kea. 24 Woajanyi le ehiɛnu. Woaplɔ wo yi edukɔwo kpata dome. Yi etrɔsubɔlawo latu afɔ Yerusalem ji, kaka vaseɖe egakeme etrɔsubɔlawo ki egapopo lawu yinu. 25 Jesiwo la miɛ ŋdɔkusu, hleti, kiki hletiviwo me; yi le anyigba ji la vɔvɔ laɖo edukɔwo, yi wo manya enuke woawɔ le apu kiki yiki babla godo ta o. 26 Amewo laku le vɔvɔ ta ni emɔkpɔ ɖe enuke lava jɔ le anyigba ji la ta. Ɖo be ejipowo ki eŋusewo la huhu. 27 Yi woakpɔ amegbetɔvi la gbana be alilikpowo ji, kiki eŋuse, kiki eŋutikɔkoe sugbɔ. 28 Ne enukeawo le va yime la micoŋ natre yi mifɔ mia ki etawo ɖe eji. Ɖo be mia ki ɖeɖe gogo. 29 Yesu do elo nɔwo be: mi kpɔ egboti kiki atiwo kpata. 30 Yi wo mia mikpɔ la mia nya be, afifia ŋɔli gogo. 31 Nenekié yi miaca ne mi kpɔ enukeawo le va yime la mi nyɛ be, Mawufiaɖufe la gogo. 32 Le enyatefe me mele gblɔ ni mi be, jijime kea nu mavayi kafé enukeawo navayime o. 33 Ejipo kiki anygba lava yi gakié enyawo mava yi gbeɖe o. 34 Mikpɔ mia ɖokoe ji nyuiɛɖe be vɔvɔ megbɔ yɔ mi ni enu manyɔmanyɔ wɔwɔ o. Ahamumu kiki agbeme nuwo; yi eŋukekeawo megbɔ fiti mi o. 35 Sigbe faca nene. Ɖo be elava anyigba ji tɔwo kpata ji 36 Miniɛ eŋuzɔ +gasiagame, midogbeɖa, be mia kpɔ eŋuse yi miasi le enukeke kewo lavaa nu, yi miateŋ natre le amegbetɔvi la ki ŋkume. 37 Be ŋkeke kewome Yesu le fia enu le Mawufe me la, eyi ci etó ke wole yɔ be oliviato ji ɖo; 38 Edukɔa kpata va yigbɔ ŋdiéme le Mawufeme va be ɖotoe.